Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Korintotɔwo 1:17 - Agbenya La

17 Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o.

Onani mutuwo Koperani




1 Korintotɔwo 1:17
13 Mawu Ofanana  

Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu, eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes,


togbɔ be menye Yesu ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe.


Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.


Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o,


Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.


Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me.


Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ne ele adzɔge la, eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame, gake ne eya ŋutɔ va la, megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.”


Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.


Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.


Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa