Yosua 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋkuɖoɖo Yordan-tsotso dzi kpewo. 1 Esi dukɔ blibo la ɖi go ɖe Yordan godo vɔ la, Yehowa gblɔ na Yosua bena: 2 Miɖe ŋutsu wuieve le dukɔ la dome, to ɖeka ame ɖeka, 3 eye miɖe se na wo bena: Miyi ɖaɖe kpe wuieve le Yordan me le teƒe, si nunɔlawo ƒe afɔ tsi tre ɖo la, eye mitsɔ wo va teƒe, si miedro ɖo, afisi miele tsitsi ge adɔ la. 4 Tete Yosua yɔ ŋutsu wuieve, siwo wotia ɖi la, le Israel-viwo dome, to ɖeka ame ɖeka. 5 Eye Yosua gblɔ na wo bena: Miyi Yordan titina le Yehowa, mia Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye mia dome amesiame natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu; 6 ne kpe siawo nanye dzesi anɔ mia dome. Eye ne mia viwo ava bia mi gbaɖegbe bena: Kpe siawo gɔme ɖe hã la, 7 ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do. 8 Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yosua de se na wo ene; wode kpe wuieve le Yordan titina ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu, abe alesi Yehowa gblɔ na Yosua ene, eye wotsɔ wo va ɖa ɖe afisi wodro ɖo. 9 Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe. 10 Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo. 11 Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ. 12 Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-viwo ƒe to afã bia akpa dze Israel-viwo ŋgɔ, abe alesi Mose gblɔ na wo ene. 13 Ŋutsu, siwo bia akpa dze Yehowa ŋgɔ heyina aʋa le Yerixo-tagba la, anɔ ame akpe blane. 14 Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene. 15 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: 16 De se na nunɔla, siwo tsɔ seɖaka la bena, woado le Yordan me. 17 Tete Yosua de se na nunɔlawo bena: Mido go le Yordan la me! 18 Esi nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka, ɖo go le Yordan me, eye nunɔlawo ƒe afɔƒome nya ka ƒuƒuiƒe ko la, tete Yordan me tsi la gagbugbɔ va enɔƒe, eye wògbagba ɖe eƒe gowo katã dzi abe tsã ene 19 Dukɔ la ɖi go ɖe Yordan godo le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome. 20 Eye Yosua tsɔ kpe wuieve ma, siwo woɖe le Yordan me la, lu ɖe Gilgal. 21 Eye wògblɔ na Israel-viwo bena: Ne mia viwo ava bia wo fofowo gbaɖegbe bena, kpe siawo gɔme ɖe hã la, 22 ekema migblɔ na mia viwo bena: Ƒuƒuiƒee Israel to ɖi go ɖe Yordan godo, 23 elabena Yehowa, mia Mawu, na Yordan me tsi la mie le mia ŋgɔ, eye mieto eme yi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, na Avaƒu la mie le mía ŋgɔ, eye mieto eme yi ene; 24 ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si Yehowa ƒe asi sesẽ la, eye miawo miavo Yehowa, mia Mawu la ɣesiaɣi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana