Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Yosua 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel-viwo tso Yordan tɔsisi.

1 Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.

2 Le ŋkeke etɔ megbe la dzikpɔlawo tsa le asaɖa la me,

3 eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.

4 Ke mina mia kplii dome nadidi abɔklugui akpe eve, eye migate de eŋu wu o, ne mianya mɔ, si to ge miala, elabena mieto mɔ sia dzi kpɔ o.

5 Eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mikɔ mia dokui ŋu, elabena etsɔ la Yehowa le nukunu wɔ ge le mia dome.

6 Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.

7 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.

8 De se na nunɔla, siwo le nubablaɖaka tsam la bena: Ne mieva ɖo Yordan-tɔa nu la, ekema mitɔ ɖe afima!

9 Tete Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Mite va ali, ne miase Yehowa, mia Mawu ƒe nya!

10 Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.

11 Kpɔ da, anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka le mia ŋgɔ dze ge ato Yordan me.

12 Eyata miɖe ŋutsu wuieve le Israel ƒe toawo me, to ɖeka ame ɖeka.

13 Ne nunɔla, siwo tsɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye dzigbe gome tsi la amii kɔ de afi ɖeka.

14 Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.

15 Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, ke Yordan ɖɔ gbagba go le nuŋeɣi blibo la katã me —

16 tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.

17 Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa