Yosua 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Manase-to afã ƒe domenyinu. 1 Manase-to la xɔ eƒe gome, elabena eyae nye Yosef ƒe ŋgɔgbevi; wotsɔ Gilead kple Basan na Maxir, Manase ƒe ŋgɔgbevi, amesi nye Gilead fofo, elabena miame wònye. 2 Manase-vi mamleawo xɔ wo tɔ le woƒe ƒomeawo nu, woawo nye: Abiezer-viwo, Xelek-viwo, Asriel-viwo, Sexem-viwo, Xefer-viwo kple Semida-viwo, esiawo nye Yosef vi Manase ƒe viŋutsuwo le woƒe ƒomeawo nu. 3 Ke Zelofxad, amesi nye Xefer vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Maxir vi, amesi nye Manase vi la, medzi ŋutsuvia ɖeke o, negbe nyɔnuviwo ko, eye vianyɔnuawo ƒe ŋkɔwo nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza. 4 Eye wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo ŋku me gblɔ bena: Yehowa de se na Mose be, wòana anyigba mi ɖe mia nɔviwo dome. Tete wona anyigba wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ene. 5 Ale Manase xɔ akpa ewo hekpe ɖe Gilead-nyigba kple Basan-nyigba ŋuti le Yordan ƒe go keme dzi. 6 Elabena Manase vinyɔnuwo xɔ anyigba ɖe viaŋutsuwo dome, ke Gilead-nyigba nye Manase-vi mamleawo tɔ. 7 Eye Manase ƒe liƒo tso Aser va to Mixmetat le Sixem kasa, eye wòzɔ En-Tapuaxtɔwo ŋu le ɖusi me gome. 8 Tapuax-nyigba enye Manase tɔ, ke Tapuax, si le Manase ƒe liƒo dzi la, enye Efrayim-viwo tɔ. 9 Eye liƒo la to Kana-tɔʋu la ƒe dziehe gome, ke Efrayim ƒe duwo le Manase ƒe duwo dome le afima: eye Manase ƒe liƒo to tɔʋu la ƒe anyiehe gome heva wu nu ɖe ƒu nu. 10 Dziehe gome enye Efrayim lɔ, eve anyiehe gome enye Manase tɔ, eye ƒu ɖo liƒo nɛ; wova kpe Aser le anyiehe, eye wokpe Isaxar le ɣedzeƒe. 11 Du, siwo nye Manase tɔ, le Isaxar kple Aser gbɔ, wonye: Bet-Sean kple eƒe duwo, Yibleam kple eƒe duwo hekpe ɖe Dortɔwo kple woƒe duwo ŋu; En-Dortɔwo kple woƒe duwo, Tanaxtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo, woawo nye togbɛ etɔ̃awo. 12 Ke Manase mete ŋu xɔ ɖu siawo o, ale Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ. 13 Gake esi ŋusẽ va ɖo Israel-viwo ŋu la, wona Kanaanitɔwo wɔ dɔ na wo yaka; ke ɖeko womenya wo o. 14 Eye Yosef-viwo gblɔ na Yosua bena: Nukaŋuti nèna anyigba kple gome ɖeka pɛ ko mi, evɔ míesɔ gbɔ, eye Yehowa yra mí vaseɖe fifi hafi? 15 Yosua ɖo ŋu na wo bena: Ne míesɔ gbɔ la, ekema miyi Filistitɔwo kple Refaitɔwo ƒe anyigba dzi, eye miƒo aveawo ɖa le afima; elabena Efrayim-to la xaxa na mi akpa. 16 Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si. 17 Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, si nye Efrayim kple Manase bena: Miesɔ gbɔ, eye ŋusẽ geɖe le mia ŋu; menye gome ɖeka koe anɔ mia si o; 18 ke boŋ mixɔ tonyigba la, eye miƒo aveawo ɖa le edzi, eye wòanye mia tɔ vaseɖe eƒe mlɔenu. Elabena mianyã Kanaanitɔ, siwo si gatasiaɖamwo le, eye ŋusẽ le wo ŋu la ɖa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana