Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Yosua 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Anyigba la me mamã.

1 Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.

2 Anyigba, siwo kpɔtɔ la, wonye; Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã kple Gesuri blibo la,

3 tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;

4 Kanaanitɔwo ƒe anyigba blibo la kple Meara, si nye Zidonitɔwo to, vaseɖe Afek kple Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu,

5 dzitɔwo ƒe anyigba, Libanon blibo la le ɣedzeƒe, tso Baal-Gad le Xermon-to la nu heɖo ta Xamat;

6 tometɔwo katã, tso Libanon vaseɖe Misrefot-Mayim kpakple Zidonitɔwo katã. Nye ŋuta manyã wo le Israel-viwo ŋgɔ, dzidze nu, namãe na Israel-viwo ko, abe alesi mede se na wò ene.

7 Eyata ma anyigba sia na to asiekeawo kple Manase ƒe to afã la, ne wòanye woƒe domenyinu.

8 Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:

9 tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple du, si le bali lãme gbɔ kpakple Medeba-tagba blibo la vaseɖe Dibon;

10 Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si ɖu fia le Xesbon la, ƒe duwo katã vaseɖe Amon-viwo ƒe liƒo ŋu;

11 Gilead kple Gesuritɔwo kpakple Maaxatitɔwo ƒe anyigba, Xermon-to blibo la kple Basan blibo la vaseɖe Salxa;

12 Og, Basan-fia, si ɖu fia le Astarot kple Edrei la, ƒe fiaɖuƒe blibo la: eya nye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi, eye Mose ɖu wo dzi henyã wo.

13 Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.

14 Negbe Lewi-to la ko metsɔ anyigba ɖeke na o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe dzovɔsa nye eƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ nɛ ene.


To eve kple afi ƒe domenyinu le Yordan godo.

15 Eye Mose na anyigba Ruben-viwo ƒe to la ɖe woƒe ƒomewo nu,

16 tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple ɖu, si le bali la me gbɔ, kpakple Medeba-tagba blibo la,

17 Xesbon kple eƒe du, siwo katã le tagba, Dibon, Bamot-Baal kple Bet-Baal-Meon,

18 Yaza, Kedemot kple Mefat.

19 Kiryatayim, Sibma kple Zeret-Saxar, si le bali me to la dzi,

20 Bet-Peor, Pisga ƒe agawo kple Bet-Yesimot,

21 tagba duwo katã kple Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si ɖu fia le Xesbon ƒe fiaɖuƒe blibo la; Mose ɖu dzi hekpe ɖe Midian amegãwo ŋu, siwo nye: Ewi, Rekem, Zur, Xur kple Reba, amesiwo nye Sixon ƒe amegãwo, siwo nɔ anyigba la dzi.

22 Eye Israel-viwo wu bokɔ Bileam, Beor vi, kple yi hekpe ɖe ame bubu, siwo wowu la ŋu.

23 Ale Yordan kple eŋu nyigba ɖo liƒo na Ruben-viwo. Esia nye Ruben-viwo ƒe anyigba, duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomewo nu.

24 Eye Mose na anyigba Gad-viwo ƒe to la de woƒe ƒomeawo nu.

25 Yazer kple Gilead-duwo katã. Amon-viwo ƒe anyigba afã vaseɖe Aroer, si le Raba kasa la gbɔ,

26 tso Xesbon vaseɖe Ramat-Mizpa kple Betonim, eye tso Maxanayim vaseɖe Debir ƒe liƒo ŋu;

27 Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.

28 Esia nye Gad-viwo ƒe anyigba, duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomewo nu.

29 Eye Mose na anyigba Manase-viwo ƒe to afã le woƒe ƒomeawo nu:

30 tso Maxanayim, Basan blibo, si nye Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe. Yair-kɔƒewo katã le Basan, siwo nye ɖu blaadeawo.

31 Eye wotso Gilead afã, Astarot kple Edrei, du, siwo le Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me, na Manase vi, Maxir-viwo ƒe afã.

32 Esia nye anyigba, si Mose ma le Moab-tagba le Yordan godo le Yerixo ƒe ɣedzeƒe.

33 Ke Mose mena anyigbaa ɖeke Lewi-to la o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋutɔ nye woƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ na wo ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa