Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Yona 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yona do gbe ɖa, eye woɖee.

1 Eye Yehowa dɔ ƒumelã gãa ɖe, be wòaɖami Yona; eye Yona nɔ lã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.

2 Tete Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la, le lã la ƒe dɔ me

3 gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.

4 Etsɔm ƒu gbe ɖe to gɔme, le atsiaƒu titina, tsi sisiwo ɖe to ɖem, eye wò tsi kpakpawo katã kple wò tsi tsotsoewo to tanye yi.

5 Megblɔ be, wonyãm ɖa le ŋkuwò me, ɖe magakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la akpɔa?

6 Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye avawo xatsa ɖe ta nam.

7 Mede towo ƒe agunu ke, eye anyigba do gameti ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me, Yehowa, nye Mawu!

8 Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.

9 Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.

10 Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!

11 Eye Yehowa ɖe se nalãla be, wòaɖadzɔ Yona ɖegota.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa