Yoel 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃ futɔwo. 1 Elabena kpɔ da, ne medo Yuda kple Yerusalem te le ŋkeke mawo me kple ɣemaɣi la, 2 maƒo dukɔwo katã nu ƒu ahakplɔ wo ayi Yosafat ƒe bali la me, eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le afima le nye dukɔ kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokakae ɖe dukɔwo dome, eye wòmã nye anyigba la. 3 Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi, wotsɔ ŋutsuvi ɖɔ li gboloe, eye wotsɔ nyɔnuvi dze wein heno. 4 Mi Tiro, Zidon kple Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã, nuka dim miele le ŋunye? Ɖe miebe, yewoaɖo nusi wowɔ mi la teƒe nam loo, alo miawɔ nanem ma? Nye asi atsɔ mahe miaƒe nuwɔwɔ ava miaƒe ta dzi enumake. 5 Miawoe lɔ nye klosalo kple nye sika dzoe, eye mietsɔ nye nu xɔasi vevitɔwo yi miaƒe gbedoxɔ wo me; 6 eye mietsɔ Yuda-viwo kple Yerusalem-viwo dzra na Helatɔwo, ne miaɖe wo tso woƒe anyigba dzi ayi adzɔge ʋĩ. 7 Kpɔ ɖa, manyɔ wo le teƒe, siwo wotsɔ wo ƒle ɖo, eye mahe miaƒe nuwɔwɔ ava miaƒe ta dzi. 8 Eye ma tsɔ miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo adzra na Yuda-viwo, eye woawo atsɔ wo adzra na Sabatɔ, siwo nye dukɔ le didiƒe ke; elabena Yehowa ye gblɔe. Mawu aɖe eƒe dukɔ la, eye wõayrae. 9 Miɖe gbe ƒã nya sia le dukɔwo dome be: Mibia akpa ɖe aʋa kɔkɔe ŋu, minyɔ kalẽtɔwo, eye aʋawɔlawo katã neho va! 10 Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu yiwoẽ, eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe! Ame beli negblɔ be: Míawoe nye kalẽawo! 11 Mi dukɔwo katã, miƒo zi tso goawo katã me, miva ƒo mia dokui nu ƒu. Yehowa, ɖiɖi wò kalẽtɔwo ɖe anyi ɖe gama! 12 Dukɔwo netso, ne woava Yosafat ƒe bali la me; elabena afima mabɔbɔ nɔ anyi ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo 13 Minyẽ hɛ gobɛwo, elabena nukuwo ɖi! Miva miafanya nu, elabena weinfiãƒe yɔ, eye weinfiãnu gbagba; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo. 14 Amehawo kplɔ amehawo ɖo gbɔna nyametsobali la me; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali me la, 15 Ɣe kple ɣleti ado viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi. 16 Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna wose eƒe gbe tso Yerusalem, ale be dziƒo kple anyigba ʋuʋu. Ke Yehowa enye sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ̃ sesẽ na Israel-viwo. 17 Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, amesi le nye to kɔkɔe Zion dzi; Yerusalem azu kɔkɔeƒe, eye ame tatɔwo magato eme azu o. 18 Le ɣemaɣi la towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo aɖuɖu notsi, tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo katã agbagba, eye tsi adzɔ tso Yehowa ƒe aƒe la me ahade tsi xetiwo ƒe bali la me. 19 Egipte azu aƒedo, eye Edom azu gbegbe ƒeƒle, le ŋuta, si wosẽ le Yuda-viwo ŋu, eye wokɔ du maɖifɔ ɖe anyi le woƒe anyigba dzi la ta. 20 Ke Yuda anɔ anyi tegbee, eye Yerusalem anɔ dzidzimewo katã me; 21 mabia hlɔ̃ woƒe ʋu, si nu nyemebia hlɔ̃ ɖo haɖe o, eye? Yehowa anɔ Zum. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana