Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Yoel 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbɔgbɔ kɔkɔe la kɔkɔ ɖe, anyi.

1 Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.

2 Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.

3 Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.

4 Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.

5 Eye woava me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la; elabena xɔname anɔ Zion-to la dzi kple Yerusalem kpakple ame mamlea, siwo Yehowa ayɔ la dome, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa