Yesaya 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Babel ƒe gbegblẽ to Mediatɔwo dzi ŋuti. 1 Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpɔ ɖe Babel ŋu enye si: 2 Mitu aflaga ɖe to ƒeƒle la ta me, mido ɣli yɔ wo, mimiã asi wo, ne woage ɖe amegãwo ƒe du la me! 3 Medɔ nye ame kɔkɔewo, meyɔ nye kalẽtɔwo, nye aseyetsolawo kple adegbeƒolawo ɖe nye dɔmedzoe la ŋu. 4 Miƒu to anyi, zi le ɖiɖim le towo dzi abe dukɔ geɖewo tɔ ene; fiaɖuƒewo kple anyigba dzi dukɔ, siwo kpe ta la ƒe howɔwɔ le ɖiɖim. Yehowa Zebaot le aʋakɔwo xlẽm! 5 Wotso anyigba didi dzi, tso dziƒo ƒe mlɔenu, Yehowa kple eƒe dziku ƒe dɔwɔnuwo, ne woagblẽ anyigba blibo la. 6 Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene. 7 Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa. 8 Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ! 9 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye woatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi. 10 Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o. 11 Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to. 12 Mana amegbetɔ nave abe sika nyuitɔ ene, eye ame kodzogbea abe Ofir-sika ene. 13 Eyata matsɔ Yehowa Zebaot ƒe dzikudodo kple eƒe dɔmedzoedogbe ana dziƒo nadzo kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe. 14 Ava me na wo abe sãde, si wonyã ɖe nu, kple alẽ, siwo amea ɖeke mele wo nu o la ene; amesiame atu ta eƒe dukɔ gbɔ, eye amesiame asi ayi eƒe anyigba dzi. 15 Woada nu amesi ke woakpɔ, eye amesi ke asi tu la, atsi yi nu; 16 woaxlã wo viwo ɖe nu le wo ŋku me, woaha woƒe aƒewo, eye woade asi wo srɔ̃wo ŋu. 17 Kpɔ ɖa, made adã Mediatɔwo ƒe ta me ɖe wo ŋu, amesiwo mebua klosalo o, eye sika medzroa wo o; 18 woƒe dawo tea ɖekakpuiwo, womekpɔa nublanui na fu nɔdɔmee o, eye woƒe ŋkuwò mevea ɖeviwo nu o. 19 Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene. 20 Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o; 21 gbemelãwo atsyɔ akɔ ɖe afima, eye favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afima, eye azizãwo aɖi adzra le afima. 22 Gbevũwo axlã le woƒe dziƒoxɔwo me kple amegãxiwo le woƒe agbeɖuɖu ƒe fiasãwo me. Woƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye woƒe ŋkeke mahe ɖe megbe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana