Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Yeremia 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woɖo Yeremya nyagblɔlae.

1 Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si;

2 eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;

3 emegbe le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli ɖaseɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe nuwuwu, vaseɖe esime woɖe aboyo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me.

4 Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:

5 Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.

6 Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.

7 Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe.

8 Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!

9 Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.

10 Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!

11 Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Aɖatsigoti kpɔm mele

12 Yehowa gblɔ nam bena: Ekpɔe ɖe eteƒe; elabena manɔ ŋute ɖe nye nya ŋu, ne mawɔe ade goe.

13 Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye zi evelia bena: Nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena: Mele ze, si le fiefiẽm la kpɔm, wòtrɔ ŋgɔ dze anyiehe.

14 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Dzɔgbevɔ̃e atso anyiehe gome aƒo ɖe anyigba la dzinɔlawo katã dzi.

15 Yehowa be: Kpɔ ɖa, mayɔ fiaɖuƒewo ƒe ƒomeawo katã tso anyiehe, ne wo dometɔ ɖesiaɖe nava ali zikpui anyi ɖe Yerusalem-gbowo nu, ɖe eƒe gliwo katã ŋu kple ɖe Yuda-duwo katã ŋu.

16 Eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ta, le esi wogblẽna ɖi eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, eye wode ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋuti.

17 Ke wò la, bia ali dzi, eye tso naɖagblɔ nya, siwo katã made asiwò la, na wo. Womegadzi ŋɔ na wo o, ne màgana ŋɔ nadzi wò le wo ŋku me o.

18 Kpɔ ɖa, nyea matsɔ wò awɔ ɖu sesẽ, gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu, ɖe Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔ hahoo la ŋuti.

19 Woawɔ avu kpli wò, ke woaɖo kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa