Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 96 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ha yeye dzidzi.

1 Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!

2 Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe!

3 Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!

4 Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta.

5 Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.

6 Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la.

7 Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa!

8 Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe!

9 Mina atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me de ta agu de Yehowa ŋku me; anyigba wo katã, midzo nyanyanya!

10 Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe.

11 Dziƒo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe;

12 agble kple nusiwo katã le eme la, akpɔ dzidzɔ, emegbe avemetiwo katã atso aseye

13 le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa