Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 87 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Zion ŋu kɔkɔ to trɔ̃subɔlawo ƒe dzimetɔtrɔ me.

1 Hadzidzi; Korax-viwo ƒe ha. Eƒe agunu le to kɔkɔewo dzi.

2 Yehowa lɔ̃a Zion ƒe agbowo wu nɔƒewo katã le Yakob.

3 Mawu ƒe du, nya nyui wogblɔ de ŋuwò. Sela.

4 Meyɔ Raxab kple Babel be, wonye amesiwo nyam; kpɔ ɖa, Filistitɔwo, Tiro kple Kus la, afima wodzi wo ɖo.

5 Ke woagblɔ le Zion ŋu be: Eya me wodzi amesiame ɖo, eye eya dziƒoʋitɔ la li kee.

6 Ne Yehowa le dukɔwo ɖem agbalẽ me la, axlẽ wo be, afima wodzi wo ɖo. Sela.

7 Hadzilawo kple ɣeɖulawo agblɔ be: „Nye susuwo katã le dziwò.“

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa