Psalmowo 78 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ le Israel kpɔkplɔ me. 1 Asaf ƒe nufiameha. Nye dukɔ, mise nye nufiame; miƒu le anyi ɖe nye nu me nyawo ŋu! 2 Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo. 3 Nusi miese, míenya, eye mía fofowo tsɔ da xo na mi la, 4 míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo. 5 Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo, 6 ne woƒe ƒome megbetɔwo, ɖevi, siwo dzi ge woala la, nanyae, eye woatso ɖe tsitre axlẽe afia wo viwo, 7 ne woaɖo ŋu de Mawu ŋu, eye womaŋlɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me de asi, 8 ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o. 9 Efrayim-viwo, aŋutrɔdala, siwo bla akpa la, de megbe le aʋawɔgbe; 10 womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu, 11 eye woƒe ŋku dzo le eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe nukunu, siwo wòna wokpɔ la dzi. 12 Ewɔ nukunuwo le wo fofowo ŋku me le Egipte-nyigba dzi, le Zoan-tagba. 13 Emã atsiaƒu me ɖe eve, eye wòna woto eme, ena tsiwo dzɔ kã abe gli ene, 14 Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ. 15 Efe agakpe me le gbedzi, eye wòna tsi wo kpaŋkpaŋ wono. 16 Ena tsi, si tso agakpewo me, eye tsi do bababa abe tɔsisi gãwo ene. 17 Ke woyi dzi gawɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe dziƒoʋitɔ la ŋu le kuɖinyigba dzi. 18 Wote Mawu kpɔ le woƒe dziwo me hebia nuɖuɖu na woƒe nudzodzro, 19 eye woƒo nu ɖe Mawu ŋu gblɔ bena: Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ de gbedzi loo? 20 Kpɔ ɖa, eƒo agakpe, tsi do, eye tɔʋuwo si bababa; ɖe wòate ŋu ana abolo alo lã hã eƒe dukɔ loo? 21 Eyata esi Yehowa see la, dzi kui, dzo bi de Yakob ŋu, eye dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu. 22 Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o. 23 Eye wòde se na alilikpowo le dzi me, enu dziƒo nu, 24 eye mana dza, ne woaɖu; ẽ, dziƒobli wòna wo, 25 mawudɔlawo ƒe abolo amegbetɔ ɖu, eye wòna nuɖudu woɖu ɖi ƒo. 26 Ena ɣedzeƒeya ƒo le dziƒo ŋu, eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kplɔ dzieheya vɛ. 27 Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene kple xewo abe ƒutake ene. 28 Ena woge dze woƒe asaɖa titina ƒo xlã woƒe nɔƒewo. 29 Ale wuɖui ɖi ƒo taŋ, eye wòwɔ woƒe dzodzro dzi na wo. 30 Woƒe nudzodzro la nu mekpɔ yi haɖe o, eve woƒe nuɖuɖu la gale nu me na wo ko, 31 tete Mawu ƒe dɔmedzoe de dzi ɖe wo ŋu, ewu amewo le woƒe amidalawo dome, eye wòƒo Israel-ɖekakpuiwo ƒu anyi. 32 Ke to nusiawo katã gbɔ hã wogawɔ nuvɔ̃ yi dzi, eye womexɔ eƒe nukunuwo dzi se o. 33 Eyata wòna woƒe ŋkekewo bu ɖe gbahlaya me kple woƒe ƒewo ɖe ŋɔdzi me. 34 Ne ewu wo la, wobiaa ete sena, eye wotrɔna hedia Mawu; 35 woɖoa ŋku edzi be, Mawue nye yewoƒe agakpe, eye Mawu, dziƒoʋitɔ la, enye yewoƒe xɔnametɔ. 36 Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ; 37 ke woƒe dzi meku de eŋu tsehe o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o. 38 Ke eya la nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o; eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea esi le eƒe dziku katã ŋu o. 39 Eɖoa ŋku edzi be, ŋutilã wonye, ƒuƒu, si yina, eye megatrɔna gbɔna o la, wonye. 40 Zi nenie womehedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o! 41 Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la. 42 Womeɖo ŋku eƒe asi dzi le gbesigbe wòɖe wo tso ketɔ la si me, 43 esime wòwɔ eƒe dzesiwo le Egipte kple eƒe nukunuwo le Zoan-tagba la o. 44 Ene woƒe tɔsisiwo trɔ zu ʋu, eye womete ŋu nowoƒe tɔʋuwo o. 45 Eɖo togbatowo ɖe wo dome woɖu wo, kple ekpɔkplɔwo wogblẽ wo. 46 Etsɔ woƒe numiemiewo na ʋetrawo kple woƒe agblemenuwo na ʋetsuviwo. 47 Eto woƒe weinkawo nyanyanya kple dzikpe, eye woƒe gbotiwo kple ketsi. 48 Etsɔ woƒe lãwo na dzikpe kple woƒe lãhawo na dzikedzo. 49 Eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, siwo nye dɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ha. 50 Eɖe mɔ na eƒe dɔmedzoe, meɖe woƒe luʋɔ tso ku nu o, eye wòtsɔ woƒe agbe de asi na ɖɔvɔ̃. 51 Eye wòwu woƒe ŋgɔgbeviwo katã le Egipte, woƒe ŋuse ƒe ŋgɔgbeawo le Xam ƒe agbadɔwo me. 52 Ena eƒe dukɔ ho abe alẽwo ene, eye wòkplɔ wo le gbedzi abe lãhawo ene. 53 Ekplɔ wo dedie, be womevɔ̃ o; ke woƒe tutɔwo la atsiaƒu nyẽ tsyɔ wo dzi. 54 Eye wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la dzi, va to, si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔe. 55 Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me. 56 Ke wote Mawu, dziƒoʋitɔ la kpɔ, wodze aglã, eye womelé eƒe seawo me ɖe esi o. 57 Wote ɖe megbe, eye womeɖi anukware o abe wo fofowo ke ene, woƒo asa abe dati doagblɔ ene. 58 Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe. 59 Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ, 60 eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi. 61 Etsɔ eƒe ŋusẽ de aboyo me, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo de asi na ketɔ te 62 Etsɔ ete dukɔ de asi na yi, eye dzi kui ɖe eƒe ɖomenyinu ŋu. 63 Dzo fiã eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o. 64 Eƒe nunɔlawo tsi yi nu, eye avi bu ɖe eƒe ahosiwo. 65 Tete Aƒetɔ la nyɔ abe alɔ̃dɔla ene, abe kɔlẽtɔ, si wein na wòle aseye tsom ene, 66 eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo. 67 Ke edo vlo Yosef ƒe agbadɔ, eye metia Efrayim-to la o, 68 ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na. 69 Eye wotu eƒe kɔkɔeƒe la abe dziŋgɔli ene, abe anyigba, si gɔme wóɖo anyi tegbee ene. 70 Etia eƒe dɔla Dawid, eye wòkplɔe mo alẽkpɔwo gbɔe; 71 eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel. 72 Ekpɔ wo dzi le eƒe dzi dzɔdzoe nu, eye wòtsɔ asi dzeaɖaŋu kplɔ woe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana