Psalmowo 70 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukuɖeɖe le kpekpeɖeŋu ŋuti. 1 Dawid lɔ na henɔ la hena ŋkuɖoɖodzi. 2 Mawu, ɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam! 3 Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe yome tim la, eye woƒe mo netsi dã; amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo! 4 Amesiwo le gbɔgblɔm be: Ehɛ̃, ehɛ̃! la, woatrɔ le woƒe ŋukpe la ta. 5 Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò; eye amesiwo lɔ̃a wò xɔname le, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Mawu lolo! 6 Ke nyea, nenye be, hiã tum, eye meɖo ko hã, Mawu, wò afɔ netsɔ ɖe ŋunye! Nye xɔnametɔ kple ɖenyela nenye, Yehowa, megahe ɖe megbe o! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana