Psalmowo 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid do dzimetɔtrɔgbe ɖa le esime wòle ŋutilã kple luʋɔ ƒe fukpekpe te. Duɖoɖo de Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋu. 1 Dawid ƒe ha na gbe gã kasaŋkutɔtvo ƒe henɔ. 2 Oo, Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o! 3 Yehowa, ve nunya, elabena nu te ŋunye belibeli; da gbe le ŋunye, elabena ŋɔdzi lé nye ƒuwo! 4 Dzidzi ƒo nye luʋɔ ŋutɔ! Eye wò Yehowa, vaseɖe ɣekaɣie? 5 Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta! 6 Elabena ŋkuɖoɖo dziwò meli le ku me o, eye ameka akafu wò le tsiẽƒe! 7 Meɖea hũ ʋuu ɖeɖi tea ŋunye, meƒoa aɖatsi nye aba bekee zã sia zã, eye aɖatsi ƒoa nye dɔƒe. 8 Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta. 9 Mi nu vlo wɔlawo katã, mite da le gbɔnye, elabena Yehowa se nye avigbe la. 10 Yehowa se nye kokoƒoƒo. Yehowa xɔa nye gbedodoɖa alɔ eve. 11 Ŋu akpe nye futɔwo katã, eye dzidzi aƒo wo ŋutɔ; woagbugbɔ, eye woƒe mo atsi da enumake. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana