Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 59 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifafa kple kukuɖeɖe le kpekpeɖeŋu ŋuti.

1 Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ɖe futamee na henɔ la, le esime Saul dɔ be, woadze aƒea ŋu, ne woawui.

2 Nye Mawu, ɖem tso nye futɔwo nu, eye nakpɔ tanye tso amesiwo tso ɖe ŋunye ta si me!

3 Ɖem tso nu vlo wɔlawo si me, eye naxɔm tso hlɔmewo si me!

4 Elabena wode xa de nye luʋɔ ŋu; ame sesẽwo kpe ta ɖe ŋunye, menye le nye dzidada kple nye nuvɔ̃wo ta o. Yehowa!

5 Menye vodada ŋuti wole du dzi, eye wodzra ɖo ɖi ɖo o. Nyɔ, nava kpem, eye kpɔ nya la me!

6 Wò, Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la nyɔ, eye natu fe na dukɔwo katã, megava nu vlo wɔla, siwo katã meɖia anukware o la, dome tɔa ɖeke nu o!

7 Wogbɔ le fiẽ le gbe tem abe avũwo ene, eye wole tsa glãla tsam le ɖua me.

8 Kpɔ ɖa, nya le dodom le wo nu blobloblo be: Amea ɖeke mehele esem o ɖe? Yi le woƒe nuyiwo dzi.

9 Ke wò, Yehowa, èle wo kom, eye nele alɔme ɖem le dukɔwo katã ŋu.

10 Nye ŋusẽ, asiwò nu kpɔm mele, elabena Mawu enye nye sitsoƒe.

11 Nye Mawu ava kpem kple eƒe amenuveve, Mawu ana nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi.

12 Megawu wo o, ne nye dukɔ ƒe ŋku nanɔ edzi! Tsɔ wò ŋusẽ nyã wo de gbe, eye natsɔ wo aƒu anyi, wò Aƒetɔ, mía akpexɔnu!

13 Woƒe nu me nuvɔ̃ enye woƒe nuyiwo ƒe i ya, eyata woalé wo le woƒe dada la me le fiƒode kple alakpa, si dona tsoa wo nu la ta.

14 Tsrɔ̃ wo le dɔmedzoe me, tsrɔ̃ wo, ne womaganɔ anyi o, eye ne woanyae be, Mawue nye dziɖula le Yakob vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo! Sela.

15 Wotrɔna gbɔna le fiẽ nɔa gbe tem abe avũwo ene, henɔa tsatsam le dua me.

16 Wonɔa tsa glãla tsam le nuɖuɖu ta; eye ne womeɖi ƒo o la, wotsina dɔna.

17 Ke nye la madzi ha le wò ŋusẽ ŋu, eye le ŋdi la matso aseye ɖe wò amenuveve ŋu, elabena wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi.

18 Nye ŋusẽ, wòe madzi ha na, elabena Mawu, nye amenuveve ƒe Mawu lae nye nye sitsoƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa