Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 57 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kpekpeɖeŋu blabla Mawu le futɔwo titina.

1 Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.

2 Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!

3 Mele Mawu dziƒoʋitɔ la yɔm, Mawu, amesi awɔe ade goe nom.

4 Adɔ ɖa tso dziƒo, ne wòaxɔ nam; ne amesi lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye la, le vlo ɖom hã, Sela; Mawu aɖo eƒe amenuveve kple nyateƒe ɖa.

5 Nye luʋɔ le dzatawo dome, memlɔ amegbetɔvi, siwo nye adzowɔlawo la dome, amesiwo ƒe aɖuwo nye akplɔ kple aŋutrɔ, eye woƒe aɖe nye yi ɖaɖɛ.

6 Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!

7 Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔwo, eye wote nye luʋɔ ɖe anyi; woɖe ʋe ɖe ŋkunye me; woawo ŋutɔ kee adze eme. Sela.

8 Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.

9 Fɔ, nye kafukafu; saŋku kple gakasaŋku, mifɔ! Manyɔ agudzedze!

10 Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, madzi ha na wò, eye maƒo saŋku na wò le anyigbadzitɔwo dome.

11 Elabena wò amenuveve kɔ ɖatɔ dziƒo, eye wò nyateƒe de alilikpowo gbɔ.

12 Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa