Psalmowo 54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yehowa enye nye kpeɖeŋutɔ. 1 Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ, 2 le esime Ziftɔwo va gblɔ na Saul bena: Menye Dawid ye nye esi ɣla ɖe mia gbɔ oa? 3 Mawu, tsɔ wò ŋkɔ xɔ nam, eye natsɔ wò ŋusẽ tso afia nam! 4 Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye nu me nyawo ŋu! 5 Elabena ame tovowo tso ɖe ŋunye, eye ŋutasẽlawo le nye ku dim. Wometsɔ Mawu ɖo ŋku me o. Sela. 6 Kpɔ ɖa. Mawua nye xɔnametɔ, Aƒetɔ la lé nye luʋɔ ɖe asi. 7 Vɔ̃ la agbugbɔ ayi nye ketɔwo dzi; tsrɔ̃ wo ɖa le wò nyateƒe la nu! 8 Lɔlɔ̃nu faa matsɔ asa vɔ na wòe, Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo. 9 Elabena èɖem tso xaxawo katã me, eye nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana