Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedodoɖa le amegbetɔwo ƒe ɖeɖe tso gbegblẽ me ŋu.

1 Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me.

2 Ahunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me bena: Mawua ɖeke meli o! Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo le nu tovo wɔwɔwo me. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o.

3 Mawu ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòbiaa Mawu ta sena hã?

4 Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o!

5 Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?

6 Tete vɔvɔ̃ ɖo dzikatsoƒoe na wo le afisi ŋɔdzia ɖeke mele o; elabena Mawu kaka amesi ƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò la, ƒe ƒuwo. Ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.

7 Oo, ɖe xɔname atso Zion eya na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ te la, Yakob atso aseye, dzi adzo Israel!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa