Psalmowo 52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ahɔhlɔbɔlaa ɖe. 1 Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, 2 le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me. 3 Kalẽtɔ, nukaŋuti nètsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le adegbe ƒomi? Mawu ƒe amenuveve li tegbee. 4 Wò aɖe le gbegblẽ ŋu susum abe talũhɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpadala. 5 Elɔ̃ vɔ̃ wu nyui, eye nèlɔ̃ aʋatso wu nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ. Sela. 6 Wò alakpaɖe, nu gbegblẽ nyawo sɔŋ nyoa ŋuwò. 7 Eyata Mawu hã agbã wò aƒu anyi ɖikaa, alé wò, eye wòahe wò aƒu gbe tso agbadɔ me, eye wòaho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela. 8 Ame dzɔdzɔewo lakpɔe, eye dzika atso wo ƒo, eye woakoe be: 9 Kpɔ ɖa, ŋutsu, si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ̃ sesẽe o, ke boŋ wòɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnu sɔgbɔawo ŋu, eye wòtɔ asi kɔ ɖe eƒe nuwo ŋu la enye si! 10 Ke nye la mele abe amiti dama ene le Mawu ƒe me; eye mele ŋu ɖom ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu ɖaa tegbee. 11 Mada akpe na wò tegbee, elabena èwɔe ɖe goe, eye makpɔ mɔ na wò ŋkɔ, elabena enye le wò mawumemewo ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana