Psalmowo 46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu enye mɔ̃ sesẽ. 1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu. 2 Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me. 3 Eyata míavɔ̃ o, nenye be, anyigba gli le enu, eye towo ʋã le atsiaƒu titina, 4 ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela. 5 Tɔsisi la ƒe alɔdzewo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, si nye dziƒoʋitɔ ƒe nɔƒe kɔkɔe la. 6 Mawu le eme, maʋã o, Mawu xɔna nɛ, ne agu dze. 7 Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo. 8 Yehowa Zebaot li kpli mi Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mi! Sela. 9 Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, 10 amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo! 11 Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi! 12 Yehowa Zebaot li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mí! Sela. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana