Psalmowo 45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kafukafuha dzidzi le fia la kple eƒe ŋugbetɔ la ŋuti. 1 Korax-viwo ƒe nufiameha, si nye lɔlɔ̃ha na henɔ la, ne woatsɔ „Dzogbenya“ ƒe gbeɖiɖi adzii. 2 Nya nyuiwo le fiefiẽm le nye dzi me wlɔwlɔwlɔ. Mebe: Nye hawo nye fia la tɔ; nye aɖe enye amesi bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti. 3 Edze ɖeka wu amegbetɔviwo, wotrɔ amenuveve kɔ ɖe nuyi dzi na wò, eyata Mawu yra wò tegbee! 4 Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ! 5 Nɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo me, naho, eye yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta, eye wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò! 6 Wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo ƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me, dukɔwo dze anyi ɖe tewò. 7 Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe. 8 Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu le si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta. 9 Wò avɔwo katã nye lifi, sikɔni kple kotoklobo; saŋkuƒoƒo le dzidzɔ dom na wò le nyiɖufiasã me. 10 Fianyɔnuwo le wò ame veviwo dome; fiasrɔ̃ le Ofir-sikanuwo me tsi tre ɖe wò nuɖusi me. 11 Nyɔnuvi, see, kpɔ nu, eye naƒu to anyi, wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe dzi, 12 eye na fia la nadi wò tugbedzedze yome, elabena wò aƒetɔ wònye, eye nade ta agu nɛ! 13 Tiro-vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye dukɔwo ƒe kesinɔtɔwo aɖo mo ŋanɛ na wò. 14 Fiavinyɔnu, si le eme la, enye atsyɔ̃ɖoɖo ɖeɖe sɔŋ; sika wotsɔ lɔ̃ eƒe avɔe. 15 Ele avɔ ŋɔŋɔe me wokplɔ yi na fia la, detugbi, siwo nye exɔlɔ̃wo le eyome, wokplɔ vɛ na wò. 16 Wotsɔ dzidzɔ kple aseyetsotso kplɔ wo yii, eye woge ɖe fia ƒe aƒe la me. 17 Viwòŋutsuwo anɔ fofowòwo teƒe, eye atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi. 18 Mana woaɖo ŋku wò ŋkɔ dzi le dzidzimewo katã me; eyata dukɔwo akafu wò ɖaa tegbee. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana