Psalmowo 39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid bia Mawu ƒe akɔfafa. 1 Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun. 2 Mebe: Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ kple nye aɖe o; made ga nye nu, ŋkeke alesi ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me ko. 3 Doɖoe zi le ŋunye klenee, eye mezi ɖoɖoe le dzɔgbenyuiewo ŋu, ke nye vevesesewo do gã ɖe dzi. 4 Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔme nam; ne mele tame susum la, dzo la flana. Metsɔ nye aɖe le nu ƒom be: 5 Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi! 6 Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela. 7 Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o. 8 Azɔ, Aƒetɔ, nuka sinu makpɔ? Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na. 9 Ɖem tso nye dzidadawo katã me; megatsɔm wɔ alɔmeɖenu na bometsilawo o! 10 Ɖoɖoe zi le ŋunye, nyemeke nye nu o, elabena wòe wɔe. 11 Ɖe wò hiãkame ɖa le ŋunye, wò asi ƒe avuwɔwɔ kplim na metsrɔ̃. 12 Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela. 13 Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o, elabena amedzro menye le gbɔwò, eye amegbɔme menye abe fofonyewo katã ene. 14 Ɖe kɔ ɖa le ŋunye, ne magbɔ ɖe me, hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana