Psalmowo 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Alẽkplɔla nyui la. 1 Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o. 2 Lãnyiƒe damawo wona metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. 3 Ena nye luʋɔ gbɔ de eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta. 4 Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam. 5 Eɖo kplɔ̃ ɖe akɔnye me le nye ketɔwo ŋku me; èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gba go. 6 E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana