Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dukɔ la do gbe ɖa ɖe eƒe fia ta le aʋaŋɔlia ɖe me.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

2 Yehowa aɖo to wò le xaxagbe, Yakob ƒe Mawu la akpɔ tawò.

3 Aɖo xɔname ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòado alɔ na wò tso Zion.

4 Aɖo ŋku wò nuɖuvɔsawo katã dzi, eye wò numevɔsa ada ami le eŋku me. Sela.

5 Awɔ na wò le wò dzimedidi nu, eye wòawɔ wò tameɖoɖowo katã dzi na wò.

6 Míatso aseye ɖe wò xɔname ŋu, eye míado aflaga ɖe dzi le mía Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa nawɔ wò biabiawo katã dzi na wò.

7 Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.

8 Ame meawo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖam kple sɔwo ŋu, ke míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ.

9 Ame meawo bɔbɔna dea la agu, ke míawo míetsia tre dzena kã.

10 Yehowa, xó na fia la; eye neɖo to mí le gbesigbe míeyɔe la!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa