Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 150 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nusianu, si gbɔgbɔ le me la, nekafu Aƒetɔ!

1 Mikafu Yehowa! Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la me; mikafui le eƒe alili sesẽ la me!

2 Mikafui le eƒe nutsuwɔwɔwo fa; mikafui ɖe eƒe gãnyenye gbogbo la nu!

3 Mitsɔ kpẽɖiɖi kafui; mikafui kple saŋku kple kasaŋku!

4 Mitsɔ asiʋui kple ɣeɖuɖu kafui, mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kpakple dze!

5 Mitsɔ gakogoe, siwo ƒe gbeme kɔ la, kafui: mikafui kple gakogoe, siwo ɖina sesĩe!

6 Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa