Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 142 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifagoedodoɖa na Mawu le futɔwo ŋuti.

1 Dawid ƒe nufiameha, esime wònɔ agado me; gbedodoɖa.

2 Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa.

3 Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.

4 Ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu la, ènyaa tonyeƒe. Woɖo adoboli ɖe mɔ, si dzi metona la dzi nam.

5 Ɖe ŋku ɖe ɖusi me, eye nakpɔ nu, nye ame nyanyɛa ɖeke meli o, eye sitsoƒe bu dem; amea ɖeke meli, si biaa tanye sena o.

6 Yehowa, wòe mele ɣli dom na le gbɔgblɔm be: Wòe nye nye sitsoƒe kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

7 Le to ɖe nye nuxaxa ŋu, elabena nu ti kɔ nam ŋutɔ; ɖem tso yonyemetilawo si me, elabena wotri akɔ wum.

8 Ɖe nye luʋɔ tso gaxɔ me, ne makafu wò ŋkɔ. Ame dzɔdzɔewo aƒo ƒu ɖe ŋunye, nenye be, nèwɔ nyuie nam.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa