Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 138 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe amenuveve kafukafu.

1 Dawid tɔ. Makafu wò tso dzi blibo me, eye madzi kafukafuha na wò le mawuwo ŋku me.

2 Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.

3 Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.

4 Yehowa, anyigba dzi fiawo katã akafu wò, nenye be, wose wò numenya;

5 eye woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu be, Yehowa ƒe bubu nye gã.

6 Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.

7 Ne mele zɔzɔm le xaxa me la, àgbɔ agbem; àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, eye wò nuɖusi axɔ nam.

8 Yehowa awɔe aɖe goe nam. Yehowa, wò amenuveve li tegbee; megagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa