Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 135 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe gãnyenye kafukafu.

1 Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui;

2 mi amesiwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe me, le mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo!

3 Mikafu Yehowa, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo; midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, elabena vivi le eŋu.

4 Elabena Yehowa tia Yakob na eɖokui, eye wòtsɔ Israel wɔ eɖokui tɔe.

5 Elabena menyae be, Yehowa lolo, eye mía Aƒetɔ ƒo mawuwo katã ta.

6 Nusianu, si dze Yehowa ŋu la, ewɔnɛ le dziƒo kple anyigba dzi, le atsiaƒuwo me kple gogloƒewo katã.

7 Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;

8 eya, amesi wu Egipte-ŋgɔgbeviwo tso amewo tɔ dzi vaseɖe lãwo tɔ dzi;

9 eɖo dzesiwo kple nukunuwo de dowòme, Egipte, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu;

10 eya, amesi si dukɔ geɖewo, eye wowu fia sesẽwo;

11 Amoritɔwo ƒe fia Sixon, Basan-fia Og kple Kanaan-fiaduƒewo katã,

12 eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui, domenyinu na eƒe dukɔ Israel.

13 Yehowa, wò ŋkɔ anɔ anyi tegbee, Yehowa, woaɖo ŋku dziwò tso dzidzime yi dzidzime.

14 Elabena Yehowa atso na eƒe dukɔ, eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dɔlawo ŋu.

15 Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.

16 Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o;

17 to li na wo, womesea nu o; eye gbɔgbɔa ɖeke hã mele woƒe nu me o.

18 Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, di woamawo.

19 Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa; Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa;

20 Lewi ƒe aƒe, mikafu Yehowa; mi amesiwo vɔ̃a Yehowa, mikafu Yehowa!

21 Woakafu Yehowa tso Zion, eye amesi le Yerusalem! Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa