Psalmowo 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yehowa, vaseɖe ɣekaɣi? 1 Dawid ƒe ha na henɔ la. 2 Yehowa, vaseɖe ɣekaɣi naŋlɔm be ɖikaɖika, eye vaseɖe ɣekaɣi naɣla wò ŋku me ɖem? 3 Yaseɖe ɣekaɣi mana ŋugble dem le ɖokuinye me, eye nuxaxã anɔ nye dzi me gbesiagbe? Vaseɖe ɣekaɣi nye futɔ akɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye? 4 Kpɔm ɖa, Yehowa, nye Mawu, eye nam nam; na nye ŋku dzi nakɔ, ne magatso me le alɔ̃ me o! 5 Ne nye futɔ magagblɔ be: „Mede enu“ o, eye nye ketɔ matso aseye, le esi ke ɖe le tenye ta o! 6 Ke nyea mele ŋu ɖom ɖe wò amenuveve ŋu; nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewo dɔmenyo nam. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana