Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 114 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yakob ƒe Mawu ƒe nuku ŋusẽ.

1 Esime Israel nu tso Egipte, Yakob ƒe aƒe la tso fiafialawo dome la,

2 Yuda nye eƒe kɔkɔeƒe, eye Israel nye eƒe fiaɖuƒe.

3 Atsiaƒu kpɔe, eye wosi, Yordan gbugbɔ ɖe megbe;

4 towo ti kpo abe agbowo ene, togbɛwo abe alẽviwo ene.

5 Atsiaƒu, nya kae dzɔ, be nèsi, wò, Yordan, be nègbugbɔ ɖe megbe?

6 Mi towo, be miele kpo tim abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene?

7 Anyigba, dzidzi neƒo wò le Aƒetɔ la ŋku me, le Yakob ƒe Mawu la ŋku me;

8 amesi na agakpe zu tsíta, eye ahliha zu tsidzɔƒe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa