Psalmowo 113 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu vea amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi la nu. 1 Mikafu Yehowa! Mi Yehowa ƒe dɔlãwo, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui! 2 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia vaseɖe mava me! 3 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe! 4 Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi. 5 Amekae ɖe Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me, 6 amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu? 7 Eya, amesi fɔ ame tsa la tso ʋuʋudedi me kple ame dahe la tso ba me; 8 ne wòatsɔe aɖo bubumewo gbɔ, aɖo eƒe dukɔ la ƒe bubumewo gbɔ; 9 amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana