Psalmowo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Megasi o, ke boŋ xɔ Mawu dzi se. 1 Dawid tɔ na henɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be: Misi yi miaƒe towo dzi abe xevi ene? 2 Elabena ame vɔ̃ɖiwo vu da me, wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo daka dzi, be yewoate amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la, le blukɔ me. 3 Elabena wogbã gɔmeɖoɖoanyiwo ke hã, nuka ame dzɔdzɔe ate ŋu wɔ ma? 4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna. 5 Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la. 6 Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu. 7 Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana