Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 108 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe dɔmenyo kple anukware kafukafu. Kukuɖeɖe bena futɔwo dziɖuɖu.

1 Hadzidzi, Dawid ƒe ha.

2 Mawu, nye dzi dze eme, madzi ha, eye mate saŋku; nye kafukafu hã awɔe.

3 Saŋku kple kasaŋku, mifɔ! Menya agudzedze.

4 Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi kafukafuha ne wò le anyigbadzilɔwo dome.

5 Elabena wò amenuveve kɔ gbɔ dziƒo ta, eye wò nyateƒe datɔ alilikpowo.

6 Oo Mawu, kɔ dokuiwò dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!

7 Ne woaxe na wò ame lɔlɔ̃wo; tsɔ wò nuɖusi ɖe mí, eye naɖo tom!

8 Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpa dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-bali me la.

9 Gilead enye tɔnye, eye tɔnyee nye Manase; Efrayim enye nye taxenu, eye Yuda anye nye fiatikplɔ;

10 nye tsileze enye Moab, mada nye atokota ɖe Edom dzi, eye metso aseye ɖe Filistitɔwo ŋu.

11 Amekae akplɔm ayi du sesẽ la mee, eye ameka akplɔm vaseɖe Edom?

12 Mawu, ɖe menye wòe gbe mi oa, Mawu, eye mèho kple míaƒe aʋakɔwo oa?

13 Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe ketɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe xɔname mele ɖeke me o!

14 Mawue míatsɔ awɔ kalẽe, eye eya anyã avuzi le míaƒe ketɔwo dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa