Psalmowo 100 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Akpedada-psalmo. 1 Akpedada. Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu! 2 Misuhɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me! 3 Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye. 4 Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! 5 Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana