Nyaɖeɖefia 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawudɔla la kple agbalẽ, si Yohanes mi. Dziɖegbe adreawo. 1 Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene, 2 eye agbalẽvi, si woʋu la, de esi, eye wotsɔ eƒe nuɖusifɔ da ɖe atsiaƒu dzi, eye wotsɔ eƒe miãfɔ da ɖe anyigba dzi, 3 eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go. 4 Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o. 5 Eye mawudɔla, si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la, do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo, 6 eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o, 7 ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu. 8 Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si. 9 Eye meyi mawudɔla la gbɔ yi ɖagblɔ nɛ be, wòatsɔ agbalẽvi la nam. Eye wògblɔ nam bena: Xɔe, eye namii, eye wòaɖu dɔme na wò, ke wòavivi le wò nu me abe anyitsi ene. 10 Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam. 11 Eye wogblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana