Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Nahum 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Niniwe ƒe nuvɔ̃ ta wole to hem nɛ.

1 Baba na hlɔ̃dodu, si me alakpadada hɔ ɖo, ŋutasesẽ yɔe fũ, eye wòghe aslɖeɖe le adzodada ŋu!

2 Fu to anyi, sɔƒokawo le ɖiɖim, eye tasiaɖamfɔwo le zi nyẽm, sɔwo le du dzl, eye tasiaɖamwo le hoo wɔm!

3 Sɔdolawo dze aʋa, yi le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim; ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, eye ame kukuwo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, seƒe meli na ame kukuwo o, eye wodze anyi ɖe woƒe ame kukuwo dzl.

4 Le gbolo ƒe ahaslwɔwó vivivo kple dzotɔ dzetugbee nyo la, amesi tso eƒe gholowɔwɔ ƒle dukɔwoe, eye wòtsɔ eƒe dzosasa ƒle ƒomewoe ta la,

5 kpɔ ɖa, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maƒo ɖe dziwò, eye maɖe wò taɖedzi lewo ŋutɔ ŋkuwò me, mana dukɔwo nakpɔ wò ama, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpeƒe.

6 Matsɔ nu nyɔŋuwo axlã ɖe wò, maɖi gbɔ wò, eye matsɔ wò aɖo kpɔdzidzee.

7 Eye wòava me be, ne amea ɖe to ŋuwò yina la, asi le nuwo agblɔ bena; Wogblẽ Niniwe, ameka afa nɛ, eye afika maɖadi akɔfala le na wò?

8 Ɖe nènye wu No-Amon, si hɔhɔ nɔ Nil-tɔsisi to, tsi ɖe to ɖee goɖoo, atsiaƒu nye kpo nɔ eŋu, eye tsi nye gli nɔ eŋu laa?

9 Kusitɔ kple Egiptetɔ gbogboawo nye eƒe ŋusẽ, Putitɔwo kple Lubitɔwo nye wò xɔnametɔwo.

10 Ke wonyã eya hã ɖe gbe wòyi aboyo me, eye woxlã viawo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã, wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzl, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.

11 Wò hã àmu aha, wò mo atsyɔ zi, eye nadi sltsoƒe le futɔ la nu.

12 Wò mɔ̃ sesẽwo katã le abe gboti, siwo dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene; ne woʋuʋu wo la, woade adze nu me na wo ɖula.

13 Kpɔ ɖa, wò amewo le abe nyɔnuwo ene le dowòme; wò anyigba ƒe agbowo aʋu wo ɖokul na wò futɔwo siaa, eye dzo afiã wò gametiwo.

14 Du tsi na ɖokuiwò, elabena wole to ɖe ge ɖe wò, eye ƒu kpo ɖe dzi, ɖo agbi me nanyã anyi, eye namè anyikpewo!

15 Afima dzo aɖu wò le, aɖu wò abe ʋefra ene, eye yi atsrɔ̃ wò, ne éde ha abe ʋetrawo ene, eye nèsɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene hã.

16 Wo asitsalawo sɔ gbɔ wu dziƒoɣletiviwo, ke ʋetrawo aɖɔ li aʋala ahadzo adzo.

17 Wo amegãwo le abe ʋetrawo ene, eye wò aʋaflawo le abe ʋe-tsuviwo ƒe ha ene, wodzona ɖe gliwo ŋu le gbesigbe vuvɔ le wɔwɔm, ke ne ɣe dze la, wotuna dzona, eye womegadzea siwo teƒe o.

18 Asur-fia, wò lãkplɔviwo le alɔ̃ ɖɔm, eye wò bubumewo le gbɔgbɔm ɖe eme, wò amewo kaka ɖe towo dzi; eye amea ɖeke meƒo wo nu ƒu o.

19 Wò ghe-ghlẽ nu mafa o, eye hayahaya manɔe na wò ahlxɔxɔ o. Amesiwo katã se nya le ŋuwò la, aƒu akpe ɖe ŋuwò; elabena ameka dzie wò vɔ̃ɖiwɔwɔ meheva atraɖii o ma?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa