Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Marko 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu nyi ame 4000.

1 Le ŋkeke ma wo me, esi ameha gãa ɖe gava, eye naneke mele wo si, be woaɖu o la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena:

2 Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbee nye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye womekpɔ naneke, be woaɖu o;

3 eye ne medo mɔ wo dɔme ɣeɣi, be woayi aƒe la, aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi, eye wo dome amea ɖewo hã tso didiƒe.

4 Eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi nɛ bena: Afika amea ɖe late ŋu akpɔ abolo atsoe le gbedzi afii, be amesiawo naɖi ƒo mahã?

5 Eye wòbia wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Ke wogblɔ bena: Wo ame adre.

6 Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba; eye wotsɔ abolo adre la, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, èŋe me, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo, bena woatsɔe na wo, eye wotsɔe ɖo ameha la kɔ me.

7 Eye lãvi ʋeea ɖewo hã le wo si, eye esi wòyra ɖe wo dzi la, ena wotsɔ woawo hã ɖo wo kɔ me.

8 Eye woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, wòde kevi adre.

9 Ke wo nu anɔ ame akpe ene, eye wòdo mɔ wo.

10 Eye enumake wòɖo ʋu kple eƒe nusrɔ̃lawo, eye wova Dalmanuta-nutoawo me.


Yesu ƒo nu le dzesiwo kple farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã ŋuti.

11 Eye farisitɔwo do go va, eye wode asi nusese me kplii hele dzesi biamii tso dziƒo hele etem kpo.

12 Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.

13 Eye wògblẽ wo ɖi gaɖo ʋu heyi go keme dzi.

14 Eye woŋlɔ abolotsɔtsɔ ɖe asi be, eye ɖeke mele wo si le ʋua me o, negbe abolo ɖeka ko.

15 Eye wòde se na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo ƒe amiwo ʋaʋã kple Herodes ƒe amewo ʋaʋã la ŋuti.

16 Eye wòke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena: Le esi míetsɔ abolo de asi o la ŋutie.

17 Eye esi wòdze sii la, egblɔ na wo bena: Nuka miele di kem be, mietsɔ abolo de asi o mahã? Ɖe miedze si nu kpo haɖe alo se nu gome hã oa, alo miaƒe dzime ɖe wògasẽ mahã?

18 Ŋku li na mi, miekpɔa nu o! Eye to li na mi, miesea nu o! Eye mieɖoa ŋku nu dzi o,

19 bena meŋe abolo atɔ̃ me hemã ɖe ame akpe atɔ̃ dome, eye abolo kakɛawo la kevi nenie miefɔ mahã? Wogblɔ nɛ be: Wo ame wuieve.

20 Eye wo ame adre ɖe ame akpe ene dome la, kakɛawo la kevi nenie fũ miefɔ mahã? Eye wobena: Wo ame adre.

21 Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe miese nu gome haɖe ke o mahã?


Yesu yɔ dɔ ŋkuagbãtɔa ɖe.

22 Eye wòva Betsaida. Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔa ɖe va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe asi eŋu.

23 Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?

24 Esi wòwu ŋku dzi la, egblɔ bena: Mekpɔ amewo; mekpɔ wo wole abe atiwo ene hele azɔli zɔm.

25 Tete wògatsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe ŋkuwo dzi, eye wòklẽ ŋku sesĩe; eye wòɖɔe do, eye wòkpɔ nusianu nyuie.

26 Eye wòdɔe ɖo ɖe eƒe me gblɔ bena: Megayi ɖe ɖu la me o.


Petro nu Yesu me.

27 Eye Yesu do go kple eƒe nusrɔ̃lawo heyi ɖe Kaisarea Filipi ƒe kɔƒewo me; eye le mo dzi la ebia eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo bena: Ameka amewo gblɔna bena, menye mahã?

28 Ke wogblɔ nɛ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, eye bubuwo bena: Eliya ye; ke bubuwo bena: Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.

29 Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.

30 Eye wogbe nya na wo bena, woagagblɔ nya le ye ŋuti na amea ɖeke o.


Yesu gblɔ nya le eƒe fukpekpe ŋuti zi gbãtɔ.

31 Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.

32 Eye wòto nya sia na wo faa. Tete Petro de kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ.

33 Ke etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wogbe nya na Petro gblɔ bena: Te ɖokuiwò ɖa yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ la ko.

34 Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.

35 Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee.

36 Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?

37 Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

38 Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa