Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Lododowo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunya le ameyɔyɔ xɔlɔ̃lɔe.

1 Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo,

2 ewu eƒe lãwo, edzro eƒe wein, eye wòɖo kplɔ̃ hã;

3 edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo ɖa, ne woaɖo ɣli le dua ƒe kɔkɔƒewo be:

4 „Mi bebewuwo, miva dze afii!“ Ele gbɔgblɔm na nunyalawo be:

5 „Miva, ne miaɖu nye abolo, eye miano nye wein, si metɔtɔ la!

6 Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsa tẽ!

7 Amesi le mɔnu fiam fewuɖula la, kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui, eye amesi le mo kam na ame vɔ̃ɖi la, dzu wònyena nɛ.

8 Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.

9 Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.

10 Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.

11 Elabena wò ŋkekewo asɔ gbɔ to dzinye, eye agbenɔƒewo adzi ɖe edzi na wò.

12 Ne èdze nunya la, enye viɖe na wò ŋutɔ; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeɖe akpee.

13 Nyɔnu bometsila ƒe mo nyrã, bebewu wònye, eye nunya mele tagbɔ nɛ o.

14 Ebɔbɔ nɔ zikpui dzi le eƒe aƒe ƒe agbalinu le dua ƒe kɔkɔƒe,

15 ne yeayɔ amesiwo to mɔ dzi yina, amesiwo le woƒe, mɔ tsɔ tẽ be;

16 „Amesi nye gegeme la, neva dze afi!“ Eye wole gbɔgblɔm na nunyalawo be:

17 Tsi, si wofi, eyae vivina, eye vivimebolo le ŋanɛ.“

18 Ke menyae be, ŋɔliwo le afima, eye be amesiwo wokpe la, tsiẽƒe ƒe aʋli me wole o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa