Lododowo 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agur ƒe emenunu. 1 Agur, Yake vi ƒe nyawo. Ŋutsu la ƒe gbe enye si. Meku kutri, Mawu, meku kutri, eye nunye yi. 2 Elabena medzɔ la wu amesiame, eye amegbetɔ ƒe gɔmesese mele asinye o, 3 eye nyemesrɔ̃ nunya, be madze si kɔkɔetɔ la o. 4 Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea? 5 Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la. 6 Megatsɔ nyaa ɖeke kpe eƒe nyawo, ne wòade ga nu na wò, eye nanye aʋatsotɔ atsi anyi ɖi o. Agur le kukeɖeɖe. 7 Nu eve biam mele wò, megatem, hafi maka o. 8 Alakpa kple aʋatsokaka neƒo asa nam! Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nyee tɔnye, 9 ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o. 10 Megali dɔla ŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ, ne woado ɖiŋu na wò, eye fɔɖiɖi nanɔ dziwò o. 11 Dzidzime, si doa ɖiŋu na fofoa, eye meyraa dadaa o la, 12 nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o; 13 nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi; 14 nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome. 15 Nyɔnuvi eve le axɔ̃ si: Tsɔe vɛ, tsɔe vɛ! Nu etɔ̃e meɖia ƒo gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, esɔ gbɔ o: 16 Tsiẽƒe, nyɔnu ƒe dɔ tsiko, kple anyigba, si tsi meɖia kɔ na o, kpakple dzo, si megblɔna be: esɔ gbɔ gbɔ o. 17 Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui. 18 Nu etɔ̃e nye nuku nam, eye enelia la nyemenya ta le enu o: 19 Hɔ̃ toƒe le dziƒo, ɖa toƒe le agakpe dzi, ʋu loƒe le atsiaƒu titina kpakple ŋutsu toƒe le nyɔnuvi ŋu. 20 Alea nye gbolɔ toƒe hã; eɖua nu tutua nu xalixali gblɔna be: Nyemewɔ nu baɖaa ɖeke o. 21 Nu etɔ̃e nana anyigba dzona kpekpekpe, eye enelia mele tsɔtsɔ me nɛ o. 22 Ne kluvi zu fia, ne nuɖuɖu bɔ ɖe bometsila si, 23 ne nyɔnu tsi tre heva ɖe srɔ̃ emegbe kple ne dɔlanyɔnu ɖo alɔgo eƒe aƒenɔ do ɖa. 24 Nu enee nye suetɔwo le anyigba dzi, ke wodze nunya eteƒe mekɔ o: 25 Anyidiwo menye dukɔ sesẽa ɖeke o hafi, gake wodia woƒe nuɖuɖu le dzomeŋɔli; 26 hotoklolowo menye dukɔ sẽŋua ɖeke o, gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo me; 27 fiaa ɖeke mele ʋetsuviwo nu o, ke woƒe ha blibo la yina le ɖoɖo me, 28 woate ŋu alé xɔ ŋu nyatri kple asi, gake enaa fiasãwo me. 29 Nu etɔ̃e zɔa atsyɔ̃zɔli, eye enelia zɔa fiazɔli: 30 dzata, si nye kalẽtɔ le lãwo dome, eye metrɔa megbe dea naneke o, 31 aʋawɔsɔ kple gbɔ̃tsu kpakple fia, si nu womate ŋu anɔ te ɖo o. 32 Ne ètsi bome le ɖokuiɖoɖoɖedzi me la, ekema ɖo asi nu, nenye be, nèdze nunya. 33 Elabena, ne woƒo notsi le eye ami dona, ne wofiã ŋɔti sesie la, eye ʋu dona, eye ne wofiã dɔmedzoe sesie la, eye dzre dzɔna. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana