Hosea 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu le nubabla kple ele dukɔ la gblẽ, eye wogadzrae ɖo. 1 Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒulake, sĩ mele dzidze kple xexlẽ me o la ene. Eye woava me be, woayɔ wo be „Mawu gbagbe viwo“, ɖe esi wogblɔ na wo he, Manyenyedukɔe mienye la teƒe. 2 Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o. 3 Miyɔ mia nɔviŋutsu be „Dukɔnye“, eye mia nɔvinyɔnu be „Ame lɔlɔ̃e“. 4 Mihe nye kple mia dada, mihe nya kplii; elabena menye srɔ̃nye wonye o, eye menye srɔ̃aŋutsua menye o. Miɖe eƒe gbolowɔwɔ le mo nɛ, eye eƒe ahasiwɔwɔ nage le akɔta nɛ, 5 ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o. 6 Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena ahasiviwo wonye. 7 Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam. 8 Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o. 9 Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke makpɔ wo o; eye wòagblɔ be: Matso agbugbɔ yi srɔ̃nye tsãtɔ gbɔ, elabena eme nyo nam tsã wu fifia. 10 Medze sii be, nyee na bli, wein kple ami, klosalo kple sika geɖe, siwo ŋu dɔ wòwɔ na Baal lae o. 11 Eyata ne azã ɖo edzi la, maɖe bli kple wein ɖa, eye maxɔ nye ɖeti kple nye anazi, si wòtsɔna xea eƒe amae la. 12 Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o. 13 Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu. 14 Magblẽ eƒe weinkawo kple aƒe gbotiwo, siwo ŋu wògblɔ le be, nunana wonye na ye, yeƒe ahlãvlwoe na ye la, eye mana woazu ave, ne gbemelãwo naɖu wo! 15 Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta. 16 Eyata, kpɔ ɖa, mable enu akplɔe ayi gbegbe, eye maƒo nu wòade dzi me nɛ. 17 Matse eƒe weingble nɛ de afima, eye nuxaxabali me la atrɔ zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo! Adzi ha le afima abe le eƒe ɖetugbimenɔɣi kple ɣeyiɣi, si wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene. 18 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la. 19 Made Baalwo ƒe ŋkɔ ɖa le eƒe nu me, eye woƒe ŋkɔ magava ame ƒe ta me azɔ o. 20 Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, maŋe dati kple yi, manyã aʋa ɖa le anyigba dzi, eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ. 21 Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ: 22 ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa. 23 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe; 24 anyigba ase bli, wein kple ami ƒe gbe, eye woawo ase Yezreel ƒe gbe. 25 Maƒã wo de anyigba dzi na ɖokuinye, makpɔ nublanui na Amemalɔ̃e, eye magblɔ na Manyenyedukɔe be: Nye dukɔ nènye! eye eya agblɔ be: Nye Mawu nènye! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana