Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Hezekiel 42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xɔ, siwo le teƒe, si ŋu wotɔ kpɔ ɖo, kple gbedoxɔ la dzidze.

1 Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu kɔtoetɔ le anyiehe gome, eye wòkplɔm va xɔ, si le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze kple gli, si le anyiehe gome la ŋgɔdze la gbɔ;

2 edidi abɔklugui alafa ɖeka le anyiehekpa dzi, eye wòkeke abɔklugui blaatɔ̃.

3 Le teƒe, si le xɔxɔnu metɔ hekeke abɔklugui blave gbɔ lɔƒo, kple kpenyigba, si le xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ lɔƒo la, sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me.

4 Toƒea ɖe le xɔviawo nu ɖo ta xɔxɔnu metɔ, ekeke abɔklugui ewo, eye wòdidi abɔklugui alafa ɖeka; woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome.

5 Xɔvi tametɔwo mekeke abe etetɔwo kple dometɔwo ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata la xɔ teƒe le wo si.

6 Dzisasrã etɔ me wole; ke sɔti mele wo ŋu abe le xɔxɔnuawo ŋu ene o, eyata xɔvi tametɔwo mekeke abe etetɔwo kple dometɔwo ene o.

7 Eye gli, si le xɔviawo ŋu le gota gome ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ le xɔviawo ŋgɔdze la ƒe didime le abɔklugui blaatɔ̃.

8 Elabena xɔviawo ƒe didime le abɔklugui blaatɔ̃ ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ lae, ke wodidi abɔklugui alafa ɖeka ɖo ta gbedoxɔ gbɔ lɔƒo.

9 Mɔnu le xɔviawo ƒe anyigbe le ɣedzeƒe gome, ne wotso xɔxɔnu kɔtoetɔ va wo gbɔ

10 le xɔxɔnu ƒe gliawo ƒe gɔmedzedze. Xɔviwo le dziehe gome hã le teƒe, si ŋu watɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze kple gli la ŋgɔdze.

11 Toƒe le wo ŋgɔ, abe esi le xɔvi, siwo le anyiehe gome la ŋgɔ ene, wodidi, eye wokeke abe ekemeawo ene, eye wowɔ woƒe mɔnu wo katã wòsɔ kple ekemeawo.

12 Woƒe ʋɔtruwo le abe xɔvi, siwo le dziehe gome la ƒe ʋɔtruwo ene, eye mɔnu ɖeka le glia ƒe gɔmedzedze, ne wotso ɣedzeƒe gome va.

13 Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.

14 Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.

15 Eye esi wòdzidze xɔ metɔ vɔ la, ekplɔm to agbo, si le ɣedzeƒe gome la nu, eye wòdzidze wo katã godoo va kpe.

16 Etsɔ dzidzeti dzidze ɣedzeƒekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃;

17 eye wòtsɔ dzidzeti dzidze anyiehekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃;

18 etsɔ dzidzeti dzidze dziehekpa wòle abɔklugui alafa atɔ̃;

19 eye wòtsɔ dzidzeti dzidze ɣetoɖoƒekpa wòle abɔklugui alafa atɔ.

20 Edzidzee le go eneawo me, eye gli ƒo xlãe godoo va kpe didi abɔklugui alafa atɔ, eye wòkeke abɔklugui alafa atɔ, ne wòatso nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa