Hezekiel 41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedoxɔ la me. 1 Tete wòkplɔm yi gbedoxɔ me, eye wòdzidze eƒe domegliwo, go si metɔ keke abɔklugui ade, eye go keme metɔ keke abɔklugui ade. 2 Ʋɔtrua nu keke abɔklugui ewo, eye ʋɔtrua ƒe axa, dzi gli go si metɔ le abɔklugui atɔ̃, eye go keme metɔ le abɔklugui atɔ̃. Edzidze eƒe didime wòle abɔklugui blane, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave. 3 Eye woge ɖe xɔ metɔ me hedzidze domegli, siwo le mɔnu wole abɔklugui eve, ʋɔtrua nu le abɔklugui ade, eye ʋɔtrua ƒe axa dzi gliwo le abɔklugui adre. 4 Eye wòdzidze eƒe didime ɖo ta gbedoxɔ la gbɔ wòle abɔklugui blave, eye kekeme le abɔklugui blave. Eye wògblɔ nam be: Esia nye kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe. 5 Edzidze xɔ la ƒe gli wòle abɔklugui ade, eye xɔŋuxɔe, siwo ƒo xlã xa la godoo va kpe ƒe kekeme le abɔklugui ene. 6 Xɔŋuxɔeawo le blaetɔ̃ teƒe etɔ̃ le wo nɔewo ta me, womimi ɖe gli, si woɖo ƒo xlã xɔ la godoo hena xɔviawo la ŋu, ne wòalé wo ɖe te sesĩe, ke womemimi ɖe xɔ la ŋutɔ ƒe gli ŋu o. 7 Xɔŋuxɔeawo le kekem ɖe dzi ɖo ta dzi me, elabena xɔviawo de dzi ƒo xlã xɔ la, eyata xɔ la ƒe kekeme lɔ le dzi me gome. Xɔvi tetɔ me wotona yia titinatɔ kple etametɔ me. 8 Eye mekpɔ kpoƒuƒu le xɔ la ŋu godoo va kpe, si nye xɔŋuxɔeawo ƒe gomeɖoɖo, ele dzidzeti ɖeka, si nye abɔklugui ade. 9 Xɔŋuxɔeawo ƒe gli, si le gota gome la, keke abɔklugui atɔ̃. Eye teƒe, si tsi xɔŋuxɔe, siwo le xɔa ŋu 10 kple akpatawo dome ƒo xlã xɔ la godoo va kpe la, keke abɔklugui blave. 11 Xɔŋuxɔeawo ƒe ʋɔtru ɖo ta teƒe, si wotso di la gbɔ, ʋɔtru ɖeka ɖo ta anyiehe gome, eye ʋɔtru evelia ɖo ta dziehe gome, teƒe, si wotso ɖi la ƒe kekeme le abɔklugui atɔ̃ le goawo katã me. 12 Eye xa, si le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze le ɣetoɖoƒe gome la, keke abɔklugui blaadre, edidi abɔklugui blaasieke, eye xɔ la ƒe gli keke abɔklugui atɔ̃ ƒo xlãe godoo. 13 Edzidze gbedoxɔ la wòdidi abɔklugui alafa ɖeka, eye teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la, kple xɔ la kpakple eƒe gli, didi abɔklugui alafa ɖeka. 14 Eye gbedoxɔ la ƒe ŋgɔdze le ɣedzeƒe gome kple teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la, keke abɔklugui alafa ɖeka. 15 Eye wodzidze xa la ƒe didime le megbe gome, si do ta teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la gbɔ, kple eƒe dzogoe dzi gli le go si me kple go keme me wòle abɔklugui alafa ɖeka. Eye wofa ʋuƒo ɖe gbedoxɔ la, xɔ metɔ kple akpata, si le xɔxɔnu la, 16 agbalinu kple fesre, siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe eme lɔƒo kpakple gbedoxɔ la ƒe akpa etɔ̃awo ƒe gliwo ŋu le agbali la ŋgɔdze tso anyigba vaseɖe fesreawo gbɔ; ke wotu fesreawo. 17 Eye wòta Kerubiwo kple detiwo ɖe ʋɔtruawo ta me vaseɖe xa mete kple dodonutɔ me kpakple xɔ metɔ kple dodonutɔ ƒe gliwo katã ŋu godoo va kpe; 18 deti ɖekaɖeka le Kerubi eve dome, eye Kerubi ɖesiaɖe to mo eve. 19 Amegbetɔ ƒe mo trɔ ɖe deti ɖeka ŋu le go si me, eye dzata ƒe mo trɔ ɖe deti ɖeka ŋu le go keme me; alea wowɔe de xɔ blibo la me godoo va kpe. 20 Wowɔ Kerubiwo kple detiwo de gbedoxɔ la ƒe gli ŋu tso anyigba vaseɖe ʋɔtruawo ta me. 21 Gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo le dzogoe ene me, eye nane le kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe 22 vɔsamlekpui, si wotso ati wòe la ene, ekɔ abɔklugui etɔ̃, eye wòdidi abɔklugui eve, dzogoewo li ne, afɔ le egɔme, eye eƒe axawo dzi nye ʋuƒo. Eye wògblɔ nam bena: Esia nye kplɔ̃, si le Yehowa ŋku me. 23 Ʋɔtru agavee le kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la nu; 24 ʋɔtruawo dze eve, eye wotrona, wo ame eve le mɔnu ɖeka, eye wo ame eve le mɔnu keme. 25 Eye wowɔ Kerubiwo kple detiwo ɖe wo ŋu, abe alesi wowɔe ɖe gliawo ŋu ene. Eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la nu le gota gome. 26 Fesreawo ƒe nugbɔ lɔ ɖe eme lɔƒo, eye detiwo le akpata la ƒe axawo kple eve kpakple xɔŋuxɔeawo ƒe gli ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana