Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Hezekiel 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu ƒe kpɔɖeŋu.

1 Wò amevi, tsɔ anyikpe ɖo ŋkuwò me, eye nata Yerusalem-du la ɖe edzi;

2 ɖo toɖelawo eŋu, eye natu dzɔlawo ƒe xɔ tsrala ɖe, eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu, ɖe aʋakɔwo ɖo eŋu, eye natsɔ gligbãnuwo ƒo xlãe godoo.

3 Ke wò la tsa gagba nawɔ gagli atso mia kple ɖu la dome, trɔ mo de du la, woaɖe to ɖee, eye naxaxae ɖo; dzesi enye esia na Israel ƒe aƒe la.

4 Mlɔ wò miamekpa dzi, eye natsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe vodada aɖo ɖokuiwò dzi; ŋkeke alesi nèmlɔ anyi alea la, nenema nue natsɔ woƒe vodadawo ɖo.

5 Eye maɖo woƒe vodadawo ƒe ƒe na wò ɖe ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke, siwo netsɔ Israel ƒe aƒe fe vodada la ƒe xexlẽme nu.

6 Eye ne èwu esia nu va la, ekema mlɔ wò ɖusikpa dzi, eye natsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe vodada ŋkeke blane; mebu ŋkeke ɖeka na wò ƒe ɖekae.

7 Trɔ ŋku me de Yerusalem, si woɖe to ɖo la, eye naɖe abɔ ƒuƒlu agblɔ nya ɖe anyi ɖe eŋuti.

8 Kpɔ ɖa, mede ka wò, be magatrɔ ɖe axa bubu dzi, hafi ne wò toɖeɖe ƒe ŋkekeawo nava de o.

9 Ke wò la tso bli, lu, gbagbayi, ayi, ƒo kple meli de ze me, eye natsɔ wo aƒo aboloe na ɖokuiwò, ne naɖu le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke, siwo nemlɔ wò axa dzi la me.

10 Wò gbe sia gbe nuɖuɖu ƒe dadame nanye sekel blave, eya naɖu tso ɣeyiɣi dzi ɖaseɖe bubu dzi.

11 Eye nano tsi ɖe dzidze nu, hin ƒe adeliawo ɖeka nano tso ɣeyiɣi dzi ɖaseɖe bubu dzi.

12 Ƒoe abe lubolo ene naɖu, eye namèe le amemĩ dzi le wo ŋku me.

13 Eye Yehowa gblɔ bena: Alea Israel-viwo aɖu abolo makɔmakɔ le dukɔwo domee, afisi menya wo aɖo ɖo.

14 Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!

15 Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, meɖe gbe na wò bena, namè wò abolo la le nyimĩ dzi ɖe amemĩ teƒe.

16 Eye wògblɔ nam be: Amevi, kpo ɖa, maŋe abolo ƒe ziɔɖeŋu le Yerusalem, eye woatso vovɔ̃ aɖu abolo ɖe dada nu, eye woatsɔ ŋɔdzi ano tsi ɖe dzidze nu;

17 ne abolo kple tsi nahiã wo, eye ame ƒe nu naku ɖe nɔvia ŋu, eye woatsrɔ̃ ɖe woƒe vodada me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa