Amos 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tohehe nyagblɔɖi ɖe Moab, Yuda kple Israel ŋuti. 1 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Moab ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o, elabena etsɔ Edom-fia ƒe ƒuwo me akaloe. 2 Eyata mada dzo ɖe Moab, ne wòafiã Keriyot ƒe fiasãwo, eye Moab naku le ʋunyarunyawɔwɔ me, ne ɣli ɖi, eye kpẽwo ɖi. 3 Matsrɔ̃ ʋɔnudrɔ̃la lé wo dome, eye mawu eƒe amegãwo katã akpe ɖe eŋu; Yehowa ye gblɔe! 4 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae. 5 Eyata mada dzo ɖe Yuda, ne wòafia Yerusalem ƒe fiasãwo! 6 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe ga nu kple hiãtɔ ɖe atokota dodo ɖeka nu. 7 Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la. 8 Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me. 9 Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me. 10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba. 11 Eye meɖo nyagblɔɖilawo tso miaƒe ŋutsuviwo dome kple Mawu ƒe kluwo tso miaƒe ɖekakpuiwo dome Israel-viwo, Yehowa be, ɖe mele alea oa? 12 Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o! 13 Kpɔ ɖa, mate mi ɖe to me, abe alesi tasiaɖam, si wode lubablae taŋ la, nyẽna ɖe to mee ene 14 Sitsoƒe abu ɖe ame ɖablɛ, ŋusẽtɔ mate ŋu awɔ eƒe ŋusẽ ŋu da o, eye kalẽtɔ maɖe eƒe agbe o; 15 aŋutrɔdala manɔ te o, afɔ tsɔtsɔe tɔ masi o, eye sɔdola maɖe eƒe agbe o; 16 eye amesi nye dzideƒotɔ te kalẽtɔwo dome la, asi amama gbemagbe; Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana