5 Mose 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mose ƒo ku. 1 Esi Mose lia Nebo-to la hede Pisga tame le Moab-tagba le Yerixo kasa la, Yehowa na wòkpɔ anyigba blibo la tso Gilead vaseɖe Dan, 2 Naftali blibo la, Efrayim kple Manase ƒe anyigba, kpakple Yuda ƒe anyigba blibo la vaseɖe ƒu nu, 3 dziehe gome kple devedu Yerixo ƒe gbadzaƒe nusiwo me vaseɖe Zoar ke. 4 Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Esia nye anyigba, si ŋu meka atam ɖo hedo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob bena, matsɔe na woƒe dzidzimeviwo. Mena nèkpɔe kple wò ŋkuwo, ke made afima akpɔ o. 5 Eye Mose, Yehowa ƒe dɔla, ku ɖe afima le Moab-nyigba dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene. 6 Eye wòɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor kasa; ke amea ɖeke menya eɖiƒe vaseɖe egbe o. 7 Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu. 8 Eye Israel-viwo fa na Mose ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ le Moab-tagba. Emegbe wowu avifafa-ŋkekeawo kple funyinyi na Mose nu. 9 Eye nunyagbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi fũ, elabena Mose da asi ɖe edzi. Eye Israel-viwo ɖo toe, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 10 Ke nyagblɔɖila ɖeke megana Israel kpɔ abe Mose, Yehowa nya ŋku me kple ŋku me ene o; 11 amesi Yehowa ɖɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, be wòawɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba blibo la ŋu; 12 hekpe ɖe ŋusẽnu kple nu tsu dziŋɔ, siwo katã Mose wɔ le Israel blibo la ŋku me ŋuti. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana