5 Mose 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amoƒolo ŋu se. 1 Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnu, eye woadrɔ̃e na wo; woatso afia na amesi ƒe nya dzɔ, eye wòabu fɔ amesi ƒe nya medzɔ o. 2 Eye ne fɔɖila dze ƒoƒo la, ekema ʋɔnudrɔ̃la nana wòatsyɔ akɔ anyi woaƒoe ɖe eƒe vodada la ta, eye ʋɔnudrɔ̃la nanɔ eteƒe axlẽe. 3 Zi blane dedie woaƒoe, eye womaƒoe wòagbɔ edzi, alo woaƒoe woatso me o, ne womagaɖi gbɔ nɔviwò le wò ŋku me o. 4 Ne nyitsu le mɔli tugum la, megabla nu nɛ o. Nɔvi naɖe nɔvi kukua arɔ̃. 5 Ne nɔviŋutsuwo le afi ɖeka, eye wo dometɔ ɖeka medzi ŋutsuvia ɖeke hafi ku o la, ekema ame kukua srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubua ɖeke o, ke boŋ srɔ̃a nɔvi naxɔe aɖe woazu srɔ̃. 6 Eye ŋutsuvi gbãtɔ, si wòdzi la, nalé nɔvia, si ku la, ƒe ŋkɔ ɖe te, ne eƒe ŋkɔ magatsrɔ̃ le Israel o. 7 Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o. 8 Emegbe dumegãwo nana woayɔ ŋutsu la vɛ, eye woaƒo nu kplii; ke ne ele dzi gblɔ be, eɖeɖe mele ye dzrom o la, 9 ekema nɔvia srɔ̃ nate ɖe eŋu le ame tsitsiawo ŋku me, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ ne, aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ bena: Ale woawɔ ŋutsu, si be, yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o la, enye si. 10 Eye woatsɔ ŋkɔ nɛ le Israel bena: Afɔ ƒuƒlutɔ ƒe aƒe. 11 Ne ŋutsuwo le avu wɔm kple wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖeka srɔ̃ va, be yeaxɔ srɔ̃ le amesi le eƒom si, eye wòdo asi ɖa lé ŋutsu nɛ la, 12 ekema lã eƒe asi, eye megakpɔ eta o. Womagaho ame le nudzidze kple nudada me o. 13 Nudakpe eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ butu me na wò o. 14 Efa eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o. 15 Nudakpe blibo nyui nanɔ asiwò, ne nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi. 16 Elabena amesiame, si wɔ nusia, eye wòwɔ nu madzɔmadzɔ la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la. Woatsrɔ̃ Amalektɔwo. 17 Ɖo ŋku nusi Amalek wo wò le mɔ̃ ta, esime mieʋu tso Egipte la dzi, 18 mesi Mawu da o, eye esi ɖeɖi te ŋuwò negbɔdzɔ la, wòva kpe wò le mɔ dzi, eye wòtsrɔ̃ wò ame kudɔe, siwo tsi megbe la. 19 Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana