Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

5 Mose 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋkuɖoɖo nukuwɔwɔ, siwo Mawu wɔ la dzi.

1 Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.

2 Eye midze si Yehowa, mia Mawu, ƒe amehehe kple eƒe gãnyenye, eƒe asi sesẽ kple eƒe abɔ, si wòɖo ɖe dzi egbe — menye mia vi, siwo menyae o, eye womekpɔ eteƒe o lae mele egblɔm na o —

3 kple eƒe dzesiwo kpakple nutsuwɔwɔ, siwo wowu le Egipte, ɖe Egipte-fia Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu;

4 midze si nusi wowɔ Egipte-ʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, esi wòna Avaƒu la ŋe ɖe wo dzi, esime woti mia yome, eye Yehowa tsrɔ̃ wo va do egbee;

5 kple nusi wò wo na mi le gbedzi, vaseɖe esime mieɖo afisia,

6 kpakple nusi wòwɔ Ruben-vi, Eliab ƒe viŋutsuwo Datan kple Abiram, amesiwo anyigba ke nu mi hekpe ɖe wo xɔwo, wo agbadɔwo kple nu gbagbe, siwo katã le wo si la ŋuti, tso Israel blibo la dome.

7 Elabena mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wo la, kple ŋku.


Toɖoɖo ŋu yayra, tomaɖomaɖo ŋu fiƒode.

8 Eyata miwo se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nana mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia to,

9 eye mianɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔ na woa kple wo viwo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.

10 Elabena anyigba, sidzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la, mele abe Egipte-nyigba, si dzi nèʋu tso, afisi, ne éƒã nuku la, netsɔa afɔ troa mɔ̃ hedea sii abe amagbebɔ ene la ene o;

11 ke boŋ towo kple gbadzaƒewo le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la dzi, eye wonoa tsi, si dza tso dziƒo;

12 anyigba, si Yehowa, wò Mawu, léa be na, eye Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋku le eŋu tso ƒe la ƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu.

13 Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,

14 ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;

15 mana gbe nanɔ wò agble me na wò lãwo, eye aɖu nu aɖi ƒo.

16 Mikpɔ nyuie, ne miagana miaƒe dzi naɖu mi, eye miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, eye miade ta agu na wo o;

17 ne Yehowa magado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatu dziƒo nu, bena tsi magadza, eye anyigbadzĩnuwo nagbe wɔwɔ o, eye miatsrɔ̃ ava le anyigba, si Yehowa le mia na ge la dzi amloamlo o.

18 Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome.

19 Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ no miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ,

20 eye ŋlɔ wo ɖe wò xa ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu,

21 ne mia kple mia viwo miano agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na wo la dzi, abe alesi dziƒo anɔ anyigba tame eteƒe nadidii ene.

22 Elabena ne miewɔ se, siwo katã meɖe na mi egbe, be miawɔ la dzi pɛpɛpɛ, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, miezɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye mieku ɖe eŋu la,

23 ekema Yehowa anyã dukɔ siawo katã ɖa le mia ŋgɔ, eye miaxɔ dukɔ, siwo lolo, eye wosesẽ wu mi la, ƒe anyigba.

24 Afisiafi, si mieɖo afɔe la, azu mia to, eye miaƒe liƒo atso gbedzi kple Libanon gbɔ kpakple Frat nu vaseɖe ɣetoɖoƒe gome le ƒu la nu.

25 Amea ɖeke manɔ te ɖe mia nu o, eye Yehowa, mia Mawu, ana ŋɔdzi kple vovɔ̃, si le mia ŋu la, naɖo anyigba blibo, si dzi va ge míala la, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.

26 Kpɔ ɖa, metso yayra kple fiƒode ɖo mia ŋku me egbea.

27 Ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo mede na mi egbe la, anye yayra na mi.

28 Ke ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe seawo o, eye miete ɖa le mo, si meɖo na mi egbe dzi hesubɔ mawu bubu, siwo mienyã o la, anye fiƒode na mi.

29 Ne Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò va anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò dzi la, ekema natsɔ Gerizĩm awɔ yayrato, eye natsɔ Ebal awɔ fiƒodetoe.

30 Wole Yordan ƒe go keme dzi le mɔ, si le ɣetoɖoƒe gome la dzi, le Kanaanitɔ, siwo le gbadzaƒe la, ƒe anyigba dzi le Gilgal kasa hete ɖe More ƒe ati gãwo gbɔ.

31 Ne mietso Yordan va anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge wòanye mia to la dzi, eye miexɔe wònye mia lɔ miele edzi la,

32 ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa