Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

5 Mose 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe nu nyui wɔwɔwo kple Israel ƒe akpemadamada.

1 Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,

2 ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb ɖo ta Seir-towo gbɔ vaseɖe Kades-Barnea.

3 Le ƒe blanelia me, le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi Mose ƒo nu kple Israel-viwo, abe alesi Yehowa ɖee asi nɛ na wo tututu ene;

4 le esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, kple Og, Basan-fia, si nɔ Astarot dzi, le Edrei megbe.

5 Eye Mose de asi se la ɖeɖe me le Yordan ƒe go keme dzi, le Moab-nyigba dzi gblɔ bena:

6 Yehowa, mía Mawu, gblɔ na mí le Xoreb bena: Mienɔ to sia gbɔ wòdidi;

7 mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.

8 Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.

9 Tete megblɔ na mi ɣemaɣi bena: Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ, mi o.

10 Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.

11 Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, ana miasɔ gbɔ ɖe dzi zi akpe, eye wòayra mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.

12 Aleke nye ɖeka mate ŋu atso miaƒe fuɖenamewo, miaƒe agba kple miaƒe dzrewɔwɔwo?

13 Miɖe ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye wodze adaŋu, eye ŋkɔ le wo ŋu la, le to sia to me, bena matsɔ wo aɖo amegã ɖe mia nu!

14 Tete mieɖo ŋu nam be: Nya, si negblɔ la nyo, ne woawɔ.

15 Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.

16 Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi bena: Mibia nya ta mia nɔviwo se, eye midrɔ̃ ʋɔnu na amesiame kple nɔvia kpakple amedzro nyuie.

17 Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.

18 Ale mede se na mi ɣemaɣi le nusiwo katã miawɔ la ŋu enye si.

19 Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.

20 Eye megblɔ na mi bena: Mieɖo Amoritɔwo ƒe to, siwo Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mí la gbɔ.

21 Kpɔ ɖa, Yehowa, wò Mawu, tsɔ anyigba, si le ŋkuwò me la, na wò, yi naxɔe wòanye tɔwò, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu, do ŋugbee na wò ene; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o!

22 Ke mi katã mieva gbɔnye gblɔ bena: Na miadɔ ŋutsuwo ɖe mía ŋgɔ, bena woatsa le anyigba da dzi, eye woagbɔ ava gblɔe na mí, mɔ, si míato ayi, kple ɖu, siwo me míayi.

23 Eye esi nya la dze ŋunye la, meɖe ŋutsu wuieve le mia dome, to ɖeka ame ɖeka;

24 amesiwo dze mɔ yi toawo dzi heva Eskol-bali la me, eye wotsa le edzi.

25 Wogbe anyigba dzi kutsetsewo ɖe asi va mía gbɔ, eye wogbugbɔ va gblɔ na mí bena: Anyigba, si Yehowa, mía Mawu, le mía na ge la nyo.

26 Ke miawo miegbe be, yewomayi edzi o, eye miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya la ŋu.

27 Eye mieli liʋĩliʋĩ le miaƒe agbadɔwo me gblɔ bena: De Yehowa lé fu mí, eyata wòkplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi, bena wòatsɔ mí ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mí.

28 Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.

29 Ke nyea megblɔ na mi bena: Dzidzi megaƒo mi o, eye migavɔ̃ o!

30 Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,

31 kple alesi wòwɔ le gbedzi, afisi nèkpɔ le bena, Yehowa, wò Mawu, tsɔ wò kpa le mɔ blibo, si nèzɔ vaseɖe afisia la dzi abe alesi ŋutsu kpa viae ene.

32 Ke miebui o, eye miegbe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu

33 amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.

34 Eye esi Yehowa se miaƒe nyawo la, dome vee, eye wòka atam gblɔ bena:

35 Ƒome vɔ̃ɖi sia dome ŋutsua ɖeke makpɔ anyigba nyui, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo fofowo la o;

36 negbe Kaleb, Yefune vi, koe akpɔe, eye matso anyigba, si dzi wòde la, ana eya ŋutɔ kple viawo, elabena edze Yehowa yome blibo.

37 Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye hã ŋunye le mia ta gblɔ bena: Wò hã made afima o.

38 Ke Yosua, Nun vi, amesi le gbɔwò la, ade afima; de dzi ƒo nɛ, elabena eyae amã anyigba la na Israel.

39 Eye miaƒe vidzie, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu, kple mia viŋutsu, siwo mele nyui alo vɔ̃ nyam egbe siawo o la, ade afima, eye matsɔe na wo wòanye wo to.

40 Ke miawo mitrɔ, eye míaho aɖo ta gbedzi ato Avaƒu la gbɔ mɔ!

41 Tete mieɖo ŋu gblɔ nam bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, miayi aɖawɔ aʋa, abe alesi Yehowa, mía Mawu, de se na mí ene. Eye mia dome amesiame kpla aʋawɔnu, eye miesẽ tame ɖi be, yewoayi toawo dzi.

42 Ke Yehowa gblɔ nam be: Gblɔ na wo bena: Miekpɔ mɔ ayi aɖawɔ aʋa o, elabena nyemele mia dome o, ne miaƒe futɔwo magasi mi o.

43 Eye meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o; miesẽ to ɖe Yehowa ƒe nya la ŋu, eye miesẽ tame helia to la.

44 Tete Amoritɔ, siwo nɔ toawo dzi la, va kpe mi, eye wonyã mi, abe alesi anyiwo wɔna ene, eye woka mi hlẽ tso Seir vaseɖe Xorma.

45 Eye miegbugbɔ va fa avi le Yehowa ŋku me, ke Yehowa mese miaƒe gbe o, eye melé to ɖe mia ŋu o.

46 Ale wòle na mi be, míatsi Kades eteƒe nadidi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa