Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

4 Mose 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sikakaɖiti la.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Aron, eye nagblɔ nɛ bena: Ne èɖo akaɖigbɛawo ati dzi la, ekema akaɖigbɛ adreawo nabi aɖo ta ŋgɔ.

3 Aron wo nenema, eye wòɖo akaɖigbɛawo atia dzi le ŋgɔgbe gome, abe alesi Yehowa de se na Mose ene:

4 Sika wotsɔ tu akaɖiti blibo lae; ɖe wotu ati la kple eŋu seƒoƒoawo. Alesi Yehowa fia Mose la, nenema ŋu wowɔ akaɖiti la ɖo.


Lewitɔwo ŋuti kɔkɔ.

5 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

6 Ɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome, eye naka wo ŋu.

7 Ale nawɔ na wo ákɔ wo ŋu enye si: Wu tsi, si ɖea nuvɔ̃ ɖa la, ɖe wo ŋuti, eye wòalũ fu le wo ŋuti katã, emegbe woanyã woƒe avɔwo, eye woakɔ wo ɖokui ŋu.

8 Woana nyitsuvi ɖeka, eye woatsɔ wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae akpe ɖe eŋu, eye natsɔ nyitsuvi bubu asa nuvɔ̃vɔe.

9 Emegbe nana Lewitɔwo nate va Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye naƒo Israel-viwo ƒe ha blibo la nu ƒu.

10 Eyome nana Lewitɔwo nate va Yehowa ŋku me, eye Israel-viwo natsɔ woƒe asiwò ada ɖe Lewitɔwo dzi.

11 Eye Aron nanyè Lewitɔwo le Yehowa ŋku me abe Israel-viwo ƒe nunana ene, bena woawɔ Yehowa ƒe da la.

12 Lewitɔwo natsɔ woƒe asiwò aɖo nyitsuawo ƒe tame, eye natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye natsɔ evelia asa numevɔ na Yehowa, bena nalé avu na Lewitɔwo.

13 Kplɔ Lewitɔwo ɖo Aron kple viaŋutsuawo ŋku me, eye nanyè wo na Yehowa.

14 Ale naɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome, ne woanye tanye.

15 Emegbe Lewitɔwo nava, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me. Ale naka wo ŋu anyẽ wo enye si.

16 Elabena tɔnye wonye blibo le Israel-viwo dome. Nye ŋutɔe xɔ wo ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo ʋu dɔ nu na wo dadawo la teƒe?

17 Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã kple lãwo ƒe ŋgɔgbeawo nye tɔnye; elabena esi mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, eyae meka wo ŋu na ɖokuinye.

18 Eye mexɔ Lewitɔwo ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe.

19 Meɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome na Aron kple viaŋutsuawo, bena woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me; eye woalé avu na Israel-viwo, bena Israel-viwo magate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye do vɔ̃ɖi naɖo wo dome o.

20 Eye Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la wɔ nenema: alesi Yehowa de se na; Mose le Lewitɔwo ŋu ta, nenema Israel-viwo wɔ na wo.

21 Lewitɔwo ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui ŋu, wonyã woƒe avɔwo, eye Aron; nye wo le Yehowa ŋku me, eye wòlé avu na wo, be wo ŋu nakɔ.

22 Emegbe Lewitɔwo yi, bena woawo dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me le Aron kple viaŋutsuawo ŋku me. Alesi Yehowa de se na Mose le Lewitɔwo ŋu la, nenema wòwɔ na wo.


Lewitɔwo ƒe subɔsubɔdɔwɔɣi.

23 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

24 Nusi Lewitɔwo nawɔ enye si: Wo dometɔ, si ke xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃ alo wu nenema, eye wòdze na dɔwɔwɔ la, nava wɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.

25 Ke ne eva xɔ ƒe blaatɔ̃ la, wòado le dɔa me, eye magawɔ dɔ la azɔ o.

26 Gake ate ŋu akpe asi ɖe nɔviawo ŋu, ne wole dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ la me, ke magawɔ dɔ bubua ɖeke o. Ale nana Lewitɔwo nawɔ woƒe ɖoe enye si.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Titsatireni:



Zotsatsa